Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 78

“Mawu Ƒe Nya La” Fialawo Míenye

“Mawu Ƒe Nya La” Fialawo Míenye

(Dɔwɔwɔwo 18:11)

  1. 1. Dzidzɔe wònye na mí bena

    Míefiaa Mawu ƒe Nyaa.

    Yayra siwo míekpɔna la

    Nye kesinɔnu gã.

    Ma’u Vi la ƒe lɔlɔ̃ míasrɔ̃

    Le nufiafiadɔa me.

    Be míakpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu

    Woate ɖe Mawu ŋu.

  2. 2. Mawu ƒe Nya fiala’o míenye.

    Ta míanɔ agbe nyui,

    Bene míaƒe nufiafia la

    Nakafu Yehowa.

    Kesinɔnu nyuiwo míadi

    Le Ma’u ƒe Nya la me

    Atsɔ afia nu mía ɖokuiwo

    Kple ame bubuwo.

  3. 3. Yehowa akpe ɖe mía ŋu

    Le nufiafiadɔa me.

    ’Ya ta mina míado gbe ɖa

    Abia nunya vavã.

    Míelɔ̃ Mawu ƒe Nyaa vevie,

    Míexɔ edzi se hã.

    Míade dzi ƒo na nusrɔ̃lawo

    Woazu nufialawo.