Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 79

Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe

Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe

(Mateo 28:​19, 20)

  1. 1. Dzidzɔ sɔŋ yɔ míaƒe dziwo me

    Be míewɔa nusrɔ̃lawo.

    Míekpɔ ale si Ma’u fia mɔ wo

    Wowɔ nyateƒea wo tɔe.

    (HAXE)

    Oo Yehowa, míeɖe kuku,

    Lé be na wo, nàkpɔ wo ta.

    Yesu ƒe ŋkɔ me míebia be: Na woali ke;

    Ve wo nu woanɔ te sesĩe.

  2. 2. Le xɔse ƒe dodokpɔwo me,

    Míedoa gbe ɖa ɖe wo ta.

    Míefia nu wo hedo ŋusẽ wo

    Woli ke nyateƒea me.

    (HAXE)

    Oo Yehowa, míeɖe kuku,

    Lé be na wo, nàkpɔ wo ta.

    Yesu ƒe ŋkɔ me míebia be: Na woali ke;

    Ve wo nu woanɔ te sesĩe.

  3. 3. Oo, na woalé dzi ɖe ƒo sesĩe,

    Aka ɖe Ma’u kple Via dzi.

    Woado dzi anye toɖolawo,

    Agbedu la nu woawu.

    (HAXE)

    Oo Yehowa, míeɖe kuku,

    Lé be na wo, nàkpɔ wo ta.

    Yesu ƒe ŋkɔ me míebia be: Na woali ke;

    Ve wo nu woanɔ te sesĩe.