Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 81

Mɔɖelawo Le Dɔ Vevi Aɖe Wɔm

Mɔɖelawo Le Dɔ Vevi Aɖe Wɔm

(Nyagblɔla 11:6)

  1. 1. Míedze mɔ yia gbeadzi, hafi agu nadze.

    Alɔ̃ le mo na mí

    gake míedoa gbe ɖa na Mawu.

    ’Me sia ’me si míekpɔ, míedoa vivi ɖe ’ŋu.

    Ame aɖe’o xɔa mí

    ɖe’o hã gbena, gake míana ta’o.

    (HAXE)

    Ye nye dɔ si míetia.

    Yehowae míeli na,

    Dɔ si le vevie nɛ ye míawɔ.

    Míanɔ dɔ sia dzi ɖaa,

    Nu ka kee ɖadzɔ o.

    To ’sia dzi míagblɔ na Mawu be: “Melɔ̃ wò.”

  2. 2. Ne míekpã le gbeadzi, esi ɣea le to ɖom,

    Ðeɖi sɔŋ tea mía ŋu

    gake míedoa gbe ɖa kple dzidzɔ.

    Míelɔ̃ dɔ sia vevie; míewɔa mía tɔ sinua.

    Akpe na Yehowa,

    eyraa mí gbe sia gbe le dɔa me.

    (HAXE)

    Ye nye dɔ si míetia.

    Yehowae míeli na,

    Dɔ si le vevie nɛ ye míawɔ.

    Míanɔ dɔ sia dzi ɖaa,

    Nu ka kee ɖadzɔ o.

    To ’sia dzi míagblɔ na Mawu be: “Melɔ̃ wò.”