Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 83

“Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me”

“Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me”

(Dɔwɔwɔwo 20:20)

  1. 1. Tso aƒe me yi aƒe me,

    Du me yi kɔƒe me,

    Míekakaa Yehowa ƒe nya;

    Alẽwo dim míele.

    Mawu ɖo Fiaɖuƒea anyi,

    Enye nya nyui na mí.

    Yesu gblɔe be woaɖe gbeƒãe

    L’anyigba katã dzi.

  2. 2. Tso aƒe me yi aƒe me,

    Míeɖea gbeƒã xɔ⁠xɔ

    Si li na ’me siwo katã

    Yɔa Mawu ƒe ŋkɔ la.

    Ne womenya eŋkɔ o la

    ’Leke woayɔe mahã?

    ’Ya ta míayi aƒewo me

    Aɖe gbeƒã ŋkɔ la.

  3. 3. Mina míayi aƒewo me

    Kple Fiaɖuƒe nya nyuia.

    Ne woaxɔ nyaa alo woagbee,

    Míana ’mewo natia.

    Yehowa ŋkɔ teti míayɔ,

    Nyateƒe la míagblɔ.

    Ne míeyi aƒewo me la,

    Eƒ’alẽwo míakpɔ.