Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 85

Mixɔ Mia Nɔewo

Mixɔ Mia Nɔewo

(Romatɔwo 15:7)

  1. 1. Miawoe zɔ loo, kpekpe sia valawo!

    Mawu ƒe Nya míeva be míasrɔ̃.

    Efiaa nyateƒe si naa agbe mí.

    Míetsɔ dzidzɔ wɔ ɖe eƒ’ameyɔyɔa dzi.

  2. 2. Akpe na Ma’u ɖe mía nɔviwo ta,

    Ame siwo tsɔa dzidzɔ xɔa mí.

    Míade bubu nɔvi siawo ŋu ɖaa.

    Míaxɔ ame siwo katã ƒoa ƒu kpli mí.

  3. 3. Mawu le dzinyuitɔwo katã kpem

    Be woava nyateƒemɔ la dzi.

    Mawu to Via dzi kplɔ mí va egbɔ,

    ’Ya ta míatsɔ dzi blibo axɔ mía nɔewo.