Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 88

Na Manya Wò Mɔwo

Na Manya Wò Mɔwo

(Psalmo 25:4)

  1. 1. Mawu, míezɔ ɖe wò ameyɔyɔ dzi

    Va ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme ɖekae.

    Míeva gbɔwò be nàfia wò mɔwo mí;

    Wò Nya nye kekeli fiaa mɔ mí.

    (HAXE)

    Oo Yehowa, na manya wò mɔwo;

    Na mase wò sededewo gɔme.

    Na mazɔ le wò nyateƒe la me.

    Makpɔ dzidzɔ ɖe wò sea ŋu tegbee.

  2. 2. Yehowa Mawu, wò nunya goglo loo!

    Wò afiatsotsowo le ’teƒe.

    Wò nyawo magbe nukuwɔwɔ nam o.

    Ŋuwò ko maɖo dzi ɖo tegbee.

    (HAXE)

    Oo Yehowa, na manya wò mɔwo;

    Na mase wò sededewo gɔme.

    Na mazɔ le wò nyateƒe la me.

    Makpɔ dzidzɔ ɖe wò sea ŋu tegbee.