Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 89

Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò

Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò

(Luka 11:28)

  1. 1. Mawu to Via Kristo dzi le nu fiam mí;

    Eƒe nufiafiawo metia mí o.

    Mawu ƒe nyawo nye kekeli na mí.

    Woayra ame siwo katã ɖoa to.

    (HAXE)

    Ne èse Mawu ƒe nya,

    Ðo toe bene wòayra wò.

    Ne àyi Mawu ƒe dzudzɔ me la,

    Ðo toe bene wòayra wò.

  2. 2. Ale si míenɔa ’gbee sɔ kple xɔtutu;

    Ne míetui ɖe kpe dzi la, ali ke.

    Kristo fia nu mí be míaɖo to Mawu,

    Bene míaƒ’agbe nali ke tegbee.

    (HAXE)

    Ne èse Mawu ƒe nya,

    Ðo toe bene wòayra wò.

    Ne àyi Mawu ƒe dzudzɔ me la,

    Ðo toe bene wòayra wò.

  3. 3. Ne míeɖoa to Yehowa la, ayra mí;

    Míasɔ kple ati si le tɔʋu to,

    Si melũa xe’o, etsena le etseɣi.

    Míanɔ agbe tegbee ne míeɖoa to.

    (HAXE)

    Ne èse Mawu ƒe nya,

    Ðo toe bene wòayra wò.

    Ne àyi Mawu ƒe dzudzɔ me la,

    Ðo toe bene wòayra wò.