Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 90

Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

(Hebritɔwo 10:24, 25)

  1. 1. Mina míade dzi ƒo na mía nɔe’o

    Be míasubɔ Yehowa nyuie.

    Ana míaƒe lɔlɔ̃ la nasẽ,

    Ŋutifafa anɔ mía me.

    Mawusubɔlawo ƒe lɔlɔ̃

    Doa ŋusẽ mí be míado dzi.

    Hamea va zu sitsoƒe na mí,

    Afi si míenɔa dedie le.

  2. 2. Nya si wogblɔ le egblɔɣi la

    Faa ’kɔ na ame siwo see.

    Míesea ’kɔfanya siawo tɔgbi

    Tso mía haxɔsetɔwo gbɔ.

    Dzi dzɔa mí be míewɔa dɔ ɖekae.

    Taɖodzinu ɖekae míetia.

    Mina míade dzi ƒo na mía nɔe’o,

    Atsɔ mía nɔe’o ƒe agbawo.

  3. 3. Míaƒe xɔse na míekpɔe be na

    Yehowa ƒe ŋkekea gogo.

    Ehiã be míaƒo ƒu ɣesiaɣi

    Be míanɔ agbemɔ la dzi.

    Ma’u ƒe dukɔ wɔɖeka míenye.

    Míedi be míasubɔe tegbee.

    ’Ya ta míade dzi ƒo na mía nɔe’o

    Be míawɔ nuteƒe nɛ ɖaa.