Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 93

Yra Míaƒe Kpekpe La

Yra Míaƒe Kpekpe La

(Hebritɔwo 10:24, 25)

  1. 1. Oo Yehowa, mía Mawu Gã,

    Yra míaƒe ƒuƒoƒo sia.

    Míeda ’kpe ɖe kpekpeawo ta,

    Wò gbɔgbɔ kɔkɔea míebia.

  2. 2. Kpe ɖe mía ŋu míasubɔ wò;

    Na wò Nya nafia mɔ mí.

    Do ŋusẽ mí míaɖi ɖase;

    Wò lɔlɔ̃ la naʋã mí.

  3. 3. Fofo, yra míaƒe kpekpewo;

    Bene míawɔ ɖeka ɖaa.

    Míaƒe nya kple nuwɔnawo

    Nana woakafu wò ɖaa.