Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 94

Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nya La Ta

Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nya La Ta

(Filipitɔwo 2:16)

  1. 1. Mía Fofo Yehowa, míeda ’kpe na wò

    Be nèna wò Nya Biblia va ka mía si.

    Wò gbɔgbɔ ʋã amewo

    woŋlɔ wò Nya la ɖi.

    Eme nyateƒe la na ablɔɖe mí.

  2. 2. Ŋusẽ le wò Nyaa ŋu be wòaɖɔ mí ɖo,

    Edzroa míaƒe dziwo kple susuwo me.

    Wò’afiatsotso le ’teƒe;

    wò sewo de blibo.

    Wofiaa mɔ nyuitɔ mí le nu sia nu me.

  3. 3. Ŋɔŋlɔawo me nyawo dea dzi gbɔ na mí.

    Eŋlɔlawo le abe míawo ke ’ne.

    Oo Mawu, kpe ɖe mía ŋu

    míaxɔ wò Nya dzi se,

    ’Labe kesinɔnu gã aɖee wònye!