Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 96

Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue

Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue

(Lododowo 2:1)

  1. 1. Agbalẽ aɖe li si me nyawo naa

    Ŋutifafa, dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ.

    Emenyawo wɔ nuku, yɔ kple ŋusẽ

    Naa ’gbe “kukuawo,” “ŋkunɔwo” kpɔa nu.

    Eyae nye Biblia, Ma’u ƒ’agbalẽ kɔkɔe.

    Gbɔgbɔ la ʋã eŋlɔla’o le blema.

    Ame si’o lɔ̃ woƒe Mawu Yehowa.

    Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea de dzo wo me.

  2. 2. Ma’u ƒe nuwɔwɔ’o ŋ’ti nuŋlɔɖi wowɔ.

    Eƒe ŋusẽ me xexea me va dzɔ.

    Wogblɔ ale si ame de blibo tsã

    Kple nu si na Paradiso la bu.

    Wogaƒo nu tso mawudɔla ’ɖe ŋu,

    Ame si tɔ gbe Ma’u ƒe gãnyenye.

    Gbetɔamea he nu vɔ̃ kple nuxaxa vɛ.

    Ke madidi o, Mawu aɖu dzi.

  3. 3. Míele dzidzɔɣeyiɣiwo me fifia;

    Wodzi Fiaɖuƒe la, Kristoe nye Fia.

    Míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋu nya nyui sia,

    Be xɔxɔ li na toɖola’o katã.

    Dzidzɔnya siawo le eƒ’agbalẽa me,

    Si nye gbɔgbɔ me nuɖuɖu kɔkɔe.

    Enaa ŋutifafa si ƒo susu’o ta.

    ’Gbalẽ sia nye kesinɔnu vavã!