Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 98

Ŋɔŋlɔawo—Wotso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me

Ŋɔŋlɔawo—Wotso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me

(2 Timoteo 3:16, 17)

  1. 1. Ma’u ƒe Nya la nye akaɖi

    Fiaa mɔ mí viviti me.

    Ne míewɔa eŋu dɔ nyuie la,

    Míakpɔ ablɔɖe vavã la.

  2. 2. Yehowa gbɔe Ŋɔŋlɔawo tso,

    Fiaa mí eƒe se nyuiawo.

    Wonyo na nuwo ɖɔɖɔ ɖo,

    Woʋãa mí na dɔ nyui wɔwɔ.

  3. 3. Míetoa Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo dzi

    Nyana be Mawu lɔ̃ mí.

    ’Ya ta míaxlẽ wo ɣesiaɣi,

    Be míanɔ agbemɔ la dzi.