Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 100

Miwɔ Amedzro Na Wo

Miwɔ Amedzro Na Wo

(Dɔwɔwɔwo 17:7)

  1. 1. Yehowa wɔa amedzro na mí katã,

    ’Labena enyoa dɔme

    na ’me sia ’me.

    Enaa eƒe ɣe kple

    tsidzadza ’me’o katã,

    Tsɔ nu nyuiwo yɔ míaƒe dzi me.

    Ne míekpe ɖe ame dahewo ŋu la,

    Míasrɔ̃ Ma’u abe via lɔlɔ̃awo ene.

    Mawu aɖo nyui si’o míewɔ teƒe na mí;

    Ne míeɖe dɔmenyo vavã fia.

  2. 2. Míenya be yayra geɖewo ado tso

    Nyui siwo míawɔ

    na amewo la me.

    Togbɔ be woanye

    amedzrowo gɔ̃ hã la,

    Míana nu siwo hiã wo la wo.

    Míasrɔ̃ Lidia, ana woadze mía gbɔ faa.

    Ne wovaa, míana woakpɔ tomefafa.

    Mía Mawu gã la nya ame siwo katã

    Srɔ̃a eƒe nublanuikpɔkpɔ la.