Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 106

Mina Míatu Lɔlɔ̃ Ðo

Mina Míatu Lɔlɔ̃ Ðo

(1 Korintotɔwo 13:1-8)

  1. 1. Míedoa gbe ɖa na Yehowa be

    Eƒe nɔnɔmewo míatu ɖo.

    Ke vevitɔe nye lɔlɔ̃, si nye

    Gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒ’akpa ’ɖe.

    Ne ŋutete nyui’o le mía si hã,

    Meɖea vi lɔlɔ̃ manɔmee o.

    Mina míatu lɔlɔ̃ vavã ɖo,

    ’Ye míaɖee fia le nu sia nu me.

  2. 2. Lɔlɔ̃ nyoa dɔme na amewo;

    Lɔlɔ̃ media eɖokui tɔ o,

    Meléa dziku ɖe dɔme gbeɖe’o,

    Ke boŋ etsɔna kea ’mewo faa.

    Lɔlɔ̃ aʋã mí míagbɔ dzi ɖi,

    Ado dzi le fukpekpewo me.

    ’Labe lɔlɔ̃ tsɔa nu’o katã kpoo,

    Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.