Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 108

Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃

Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃

(Yesaya 55:13)

  1. 1. Mía Mawu nye lɔlɔ̃;

    Nyateƒenya sia tso dziƒo.

    Lɔlɔ̃ me Yehowa dɔ Via

    Wòva ku ɖe mí katã ta.

    Be dzidzɔ vavãtɔ míakpɔ,

    Akpɔ mɔ na agbe mavɔ.

    (HAXE)

    Oo, mi tsikɔwuitɔwo,

    Agbetsi miva no faa!

    Tsikɔwuitɔ’o miva kpɔ

    Ma’u ƒe lɔlɔ̃ gã ɖa.

  2. 2. Mía Mawu nye lɔlɔ̃;

    Eƒe dɔwɔwɔwo ɖee fia

    Yehowa gaɖe lɔlɔ̃ fia

    Esi wòna Kristo zu fia.

    Ewɔ ŋugbedodo la dzi;

    Via Yesu le dzi ɖum fifia!

    (HAXE)

    Oo, mi tsikɔwuitɔwo,

    Agbetsi miva no faa!

    Tsikɔwuitɔ’o miva kpɔ

    Ma’u ƒe lɔlɔ̃ gã ɖa.

  3. 3. Mía Mawu nye lɔlɔ̃;

    Esia naʋã mí na lɔlɔ̃.

    Míakpe ɖ’ame fafawo ŋu

    Be woate ɖe Yehowa ŋu.

    Míaɖe gbeƒã nya nyuia na wo,

    Anyo dɔme akpe wo be:

    (HAXE)

    Oo, mi tsikɔwuitɔwo,

    Agbetsi miva no faa!

    Tsikɔwuitɔ’o miva kpɔ

    Ma’u ƒe lɔlɔ̃ gã ɖa.