Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 109

Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

(1 Petro 1:22)

  1. 1. Yehowa Mawu kpɔa dzidzɔ

    Ne míelɔ̃ mía nɔewo vevie,

    ’Labe lɔlɔ̃e nye Mawu ƒe

    Nɔnɔme vevitɔ.

    Míalɔ̃ mía nɔviwo vevie,

    Aku ɖe wo ŋu ɣesiaɣi.

    Lɔlɔ̃ vavã si tso dzi me

    Míaɖe fia gbe sia gbe.

    Dɔmenyotɔwo míanye,

    Akpe ɖe nɔvi’o ŋu le hiãɣi.

    Xɔlɔ̃ vavãwo míanye,

    Ase nu gɔme na wo.

    Yesu srɔ̃ Yehowa bliboe,

    Ðe lɔlɔ̃ fia nu sia nu me.

    Eɖo kpɔɖeŋu nyui na mí.

    Míasrɔ̃ Ma’u ƒe lɔlɔ̃ la,

    Alɔ̃ mía nɔewo vevie.