Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 112

Yehowa, Ŋutifafa Mawu

Yehowa, Ŋutifafa Mawu

(Filipitɔwo 4:9)

  1. 1. Yehowa mía Mawu,

    Gbɔwòe ŋutifafa tso.

    ’Ya ta Mawu, kpe ɖe mía ŋu

    Míatu nɔnɔme sia ɖo.

    Èlɔ̃ tsɔ Viwò na

    Wòna mɔnukpɔkpɔ mí

    Míewɔ ŋutifafa kpli wò,

    Subɔa wò kple dzi blibo.

  2. 2. Na wò Nya kple gbɔgbɔa

    Nakplɔ mí, akpɔ mía ta,

    Míanya ’le si míanɔ agbe

    Xexe doblukɔ sia me.

    Xaxa kple fuléle

    Xɔ aƒe ɖe xexea me.

    ’Ya ta na wò ŋutifafa

    Nanɔ mía dome fifia.

  3. 3. Wòe na ɖekawɔwɔ

    Le wò subɔla’o dome.

    Wò gbɔgbɔa na míewɔ ɖeka

    Le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea.

    Fiaɖuƒe dziɖuɖua

    Aɖe aʋawɔwɔ ɖa,

    Be ame fafawo katã

    Nakpɔ ŋutifafa ɖaa.