Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 117

Nyuiwɔwɔ Le Vevie

Nyuiwɔwɔ Le Vevie

(2 Kronika 6:41)

  1. 1. Oo Yehowa, wò nyuiwɔwɔ

    Ðea vi na mí gbe sia gbe.

    Mía Fofo si le dziƒowo,

    Èwɔa nyui nu sia nu me.

    Èvea ’me nu, kpɔa nublanui,

    Tsɔa míaƒe nu vɔ̃ kea mí.

    Wòe dze na míaƒe tadeagu.

    Míetsɔa dzidzɔ subɔa wò.

  2. 2. Wò nyuiwɔwɔ la dzena le

    Wò subɔlawo dome.

    Míeɖenɛ fia l’agbenɔnɔ

    Kple gbeƒãɖeɖedɔa me.

    Wò nyuiwɔwɔ ŋu nya míagblɔ

    N’amewo l’afi sia ’fi.

    Míebia wò gbɔgbɔ kɔkɔe la,

    Be míanye nyuiwɔla’o ɖaa.

  3. 3. Míawɔ nyui na ame sia ’me,

    Gake vevietɔ wu la

    Na mía nɔvi xɔsetɔwo,

    Alɔ̃ wo katã vevie.

    Míawɔ nyui le nu sia nu me,

    Le ƒomea kple hamea me.

    Míaƒe nyuiwɔwɔ la nana

    Woakafu wò ŋkɔ gã ɖaa.