Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 119

Ele Be Xɔse Nanɔ Mía Si

Ele Be Xɔse Nanɔ Mía Si

(Hebritɔwo 10:38, 39)

  1. 1. Le blema me la Yehowa ƒo nu

    To nyagblɔɖila’o ƒe nu me.

    Fifia, Yehowa to Via dzi ƒo nu:

    “’Me sia ’me natrɔ dzi me.”

    (HAXE)

    Xɔse sẽŋu nenɔ mía si.

    Míaɖee fia to dɔwɔwɔ me.

    Míado vevie nu atui ɖo.

    Xɔse sia ana be míakpɔ agbe.

  2. 2. Wode se na mí be míaɖe gbeƒã

    Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya.

    Nya nyui sia míagblɔ na ’mewo katã

    Ne wosee alo gbe hã.

    (HAXE)

    Xɔse sẽŋu nenɔ mía si.

    Míaɖee fia to dɔwɔwɔ me.

    Míado vevie nu atui ɖo.

    Xɔse sia ana be míakpɔ agbe.

  3. 3. Míaƒe xɔse léa mí ɖe te sesĩe,

    ’Ya ta míavɔ̃ naneke o.

    Míalé mɔkpɔkpɔ me ɖ’asi sesĩe;

    Míaƒe xɔxɔ la gogo.

    (HAXE)

    Xɔse sẽŋu nenɔ mía si.

    Míaɖee fia to dɔwɔwɔ me.

    Míado vevie nu atui ɖo.

    Xɔse sia ana be míakpɔ agbe.