Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 125

“Dzidzɔtɔwoe Nye Nublanuikpɔlawo!”

“Dzidzɔtɔwoe Nye Nublanuikpɔlawo!”

(Mateo 5:7)

  1. 1. Mawu lɔ̃a nublanuikpɔkpɔ;

    Etsɔ ɖ’ame si’o lɔ̃e la gbɔ.

    Eléa be na mí gbe sia gbe;

    Evea mía nu nu sia nu me.

    Ne míetrɔ dzi me vavã la,

    Ekpɔa nublanui na mí faa.

    Elabena enyae nyuie be

    Gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo míenye.

  2. 2. Ne nu vɔ̃ na nu te mía ŋu,

    Míate ɖe mía Mawu la ŋu.

    Via Yesu Kristo fia mí be

    Míado gbe ɖa nɛ abia be:

    “Oo, tsɔ míaƒe fewo ke mí.”

    Míawo hã míatsɔ ake faa;

    Míaɖe dziku ɖe sia ɖe ɖa.

    ’Kema Mawu atsɔ ke mí.

  3. 3. Ne míele nu nam amewo,

    Kpẽ nagaɖi le mía ŋgɔ o;

    Nublanuikpɔkpɔ naʋã mí.

    Dzidzɔ geɖe le nana me.

    Mawu kpɔa nu le ɣaɣlaƒe.

    ’Yae aɖo eteƒe na mí.

    Nublanuikpɔla’o kpɔa dzidzɔ;

    Wowɔa ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ.

(Kpɔ Mat. 6:2-4, 12-14 hã.)