Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 130

Lɔ̃ Tsɔtsɔke

Lɔ̃ Tsɔtsɔke

(Psalmo 86:5)

  1. 1. Lɔlɔ̃ ʋã Yehowa

    Wòtsɔ Via na ɖe mía ta

    Be míakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke,

    Eye wòaɖe ku hã ɖa.

    Ne míetrɔ dzi me vavã la,

    Atsɔ nu vɔ̃ ake mí.

    To Kristo ƒe tafea dzi la,

    Etsɔa vodada kea mí.

  2. 2. Mawu kpɔa nublanui

    Na ’me si’o srɔ̃a eyama,

    Tsɔa nu vɔ̃ kea wo nɔviwo,

    Ðea nublanuikpɔkpɔ fia.

    Ne míelɔ̃ ŋutifafa la,

    Míaɖe dzikudodo ɖa,

    Ade bubu ’me sia ’me ŋu,

    Aɖe lɔlɔ̃ vavã ’fia.

  3. 3. Nublanuikpɔkpɔ nye

    Nɔnɔme nyui míaɖe fia.

    Akpe ɖe mía ŋu be míaɖu

    Dziku kple fuléle dzi.

    Ne míesrɔ̃ Yehowa Mawu,

    Si ɖea lɔlɔ̃ gã fia mí,

    Míatsɔ ake amewo faa;

    Be míaɖi mía Fofo la.