Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 136

Àxɔ “Fetu Blibo” Tso Yehowa Gbɔ

Àxɔ “Fetu Blibo” Tso Yehowa Gbɔ

(Rut 2:12)

  1. 1. Mía Mawu Yehowa wɔa nuteƒe na

    ’Me siwo lɔ̃e kple dzi blibo.

    Enyae be ŋutilãmenu aɖewo

    Ato wo ŋu l’agbe sia me.

    Ne ègblẽ aƒe, ƒome, xɔlɔ̃ ɖi hã,

    Nyae be Ma’u nya ’siawo katã.

    Aɖo ’teƒe na wò fifia kple ’tsɔme,

    Agbe mavɔ azu tɔwò.

    (HAXE)

    Yehowa Ma’u nekpɔ nu si’o nèwɔ

    Ne wòaɖo eteƒe na wò blibo.

    Eƒ’aʋala te ko nàbe ɖo.

    Nyateƒetɔ wònye, nuteƒewɔlae.

  2. 2. Ɣeaɖewoɣi la dzimaɖitsitsiwo

    Ate míaƒe dziwo ɖe to.

    Yehowa Mawu kpɔa esiawo katã;

    Ase míaƒe gbedodoɖa.

    Afa ’kɔ na mí to eƒe Nya la dzi;

    Eƒe gbɔgbɔa afia mɔ mí.

    Mía nɔviwo hã li ado ŋusẽ mí;

    Woafa ’kɔ na mí ɣesiaɣi.

    (HAXE)

    Yehowa Ma’u nekpɔ nu si’o nèwɔ

    Ne wòaɖo eteƒe na wò blibo.

    Eƒ’aʋala te ko nàbe ɖo.

    Nyateƒetɔ wònye, nuteƒewɔlae.