Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 141

Agbe Nye Nukunu

Agbe Nye Nukunu

(Psalmo 36:9)

  1. 1. Agblemenuku’o Kpakple tsidzadza,

    Ɣe ƒe keklẽ kple Amegbetɔ ƒ’agbe

    Nye nunana tso Mía Mawu la gbɔ.

    Eƒe nukunuwoe léa míaƒ’agbe ɖe te.

    (HAXE)

    ’Ya ta nu kae míatsɔ míaƒ’agbe awɔe?

    Míalɔ̃ mía Mawu la, atsɔ mía ɖokui anae.

    Nu ka kee míawɔ o, Míate ŋu aƒlee o.

    Agbe nye nunana; Agbe nye nukunu.

  2. 2. Agbe ti ame’o, Dzi ɖe le wo ƒo,

    Abe Hiob srɔ̃, wogblɔ be: “Gbe Ma’u nàku.”

    Míewɔa esia o; Míekafua Mawu.

    Míedaa akpe nɛ ɖe agbe si míele ta.

    (HAXE)

    ’Ya ta nu kae míatsɔ míaƒ’agbe awɔe?

    Míalɔ̃ mía haviwo, atsɔ ɖe le ’me na wo.

    Nu ka kee míawɔ o, Míate ŋu aƒlee o.

    Agbe nye nunana; Agbe nye nukunu.