Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 144

Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!

Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!

(2 Korintotɔwo 4:18)

  1. 1. Oo, ne ŋkunɔwo gakpɔ nu la,

    Eye tokunɔ’o gase nu la,

    Ne ɖevi suewo dzi ha vivi,

    Dzidzɔ kple ŋutifafa li,

    Woafɔ kukuawo hã ɖe tsitre

    Woava nɔ anyigba yeye dzi;

    (HAXE)

    Nunana nyui siawo nàva kpɔ,

    Ne wò ŋku le fetu la dzi.

  2. 2. Ne amegãxi kple alẽvi,

    Ne nyinɔ kpakple sisiblisi,

    Woanɔ wo nɔewo gbɔ aɖu nu,

    Ŋutsuvi dzaa ye akplɔ wo.

    Ne aɖatsiwo katã nu yi

    ’Ye vɔvɔ̃, vevesese nu yi,

    (HAXE)

    Nunana nyui siawo nàva kpɔ,

    Ne wò ŋku le fetu la dzi.