Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 147

Wodo Agbe Mavɔ Ŋugbe

Wodo Agbe Mavɔ Ŋugbe

(Psalmo 37:29)

  1. 1. Madidi o, Paradiso

    Axɔ anyigba la dzi.

    Ŋugbe nyui sia Yehowa do.

    Mina míaka ɖe ’dzi.

    (HAXE)

    Míanɔ agbe tegbee.

    Eƒ’agbagba míadze.

    Mawu ye do ŋugbe.

    Nya sia ava ’me.

  2. 2. Vɔ̃ɖinyenye katã nu yi

    Le Paradiso la me!

    Ŋutifafa l’anyigba dzi,

    Ma’u ƒe dziɖuɖua te!

    (HAXE)

    Míanɔ agbe tegbee.

    Eƒ’agbagba míadze.

    Mawu ye do ŋugbe.

    Nya sia ava ’me.

  3. 3. Ame kukuwo hã afɔ.

    Nuxaxawo nu ayi.

    Ma’u ƒe yayrawo asɔ gbɔ

    Le anyigba la dzi.

    (HAXE)

    Míanɔ agbe tegbee.

    Eƒ’agbagba míadze.

    Mawu ye do ŋugbe.

    Nya sia ava ’me.