Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 148

Yehowa, Xɔnametɔ

Yehowa, Xɔnametɔ

(2 Samuel 22:1-8)

  1. 1. Mía Fofo Yehowa, wòe nye Mawu gbagbe.

    Wò dɔ klitsuwo yɔ ’nyigba

    kpl’atsiaƒu me.

    Mawu’aɖeke mesɔ kpli wò o;

    ɖeke meli o.

    Míaƒe futɔ’o atsrɔ̃.

    (HAXE)

    Yehowa, Xɔnametɔ nènye na mí.

    Wò ame’o akpɔe be

    Agakpe gã nènye.

    Dzideƒo me míaɖe xɔse fia,

    akpɔ dzidzɔ,

    Akafu wò Yehowa, míaƒe Xɔnametɔ.

  2. 2. Togbɔ be tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm hã la,

    Yehowa, do ŋusẽm;

    na dzi naɖo ƒonye.

    Se nye kukuɖeɖe tso wò

    gbedoxɔ ƒe nɔƒe.

    Oo nye Mawu, xɔ nam.

    (HAXE)

    Yehowa, Xɔnametɔ nènye na mí.

    Wò ame’o akpɔe be

    Agakpe gã nènye.

    Dzideƒo me míaɖe xɔse fia,

    akpɔ dzidzɔ,

    Akafu wò Yehowa, míaƒe Xɔnametɔ.

  3. 3. Àɖe gbe tso dziƒo

    wò futɔwo avɔ̃,

    Ke wò subɔlawo ya

    agli kple dzidzɔ.

    Àɖe ɖokuiwò afia,

    ame’o katã akpɔe be

    Wòe nye Xɔnametɔ.

    (HAXE)

    Yehowa, Xɔnametɔ nènye na mí.

    Wò ame’o akpɔe be

    Agakpe gã nènye.

    Dzideƒo me míaɖe xɔse fia,

    akpɔ dzidzɔ,

    Akafu wò Yehowa, míaƒe Xɔnametɔ.