Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 2

“Mawu Xɔ” Woƒe Nunanawo

“Mawu Xɔ” Woƒe Nunanawo

HEBRITƆWO 11:4

NYA VEVITƆ: Ðoɖo si Yehowa wɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu ƒe ŋutinya

1-3. (a) Biabia kawo mee míadzro? (b) Nu vevi ene siwo nana Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ƒe tadedeagu ŋu kawo mee míadzro? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

 ABEL le ŋku lém ɖe eƒe lãha la ŋu nyuie. Edze lã siawo nyinyi tso wo dziɣi ke eye wòlé be na wo nyuie. Fifia etia ɖewo, wu wo eye wòtsɔ wo na Mawu. Ðe mɔnu sia si dzi amegbetɔ madeblibo aɖe to de ta agu na Yehowa la adze eŋua?

2 Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ tso Abel ŋu be: “Mawu xɔ eƒe nunanawo.” Gake Kain ya ƒe nunanawo medze Yehowa ŋu o. (Xlẽ Hebritɔwo 11:4.) Esia fɔ biabia aɖewo siwo wòle be míadi ŋuɖoɖo na ɖe te. Nu ka tae Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Abel ƒe subɔsubɔ ŋu gake wògbe Kain ya tɔ? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Kain kple Abel kpakple ame bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hebritɔwo ta 11 lia ƒe kpɔɖeŋuwo me? Ŋuɖoɖoawo ana míagase nu si tadedeagu dzadzɛa bia gɔme nyuie wu.

3 Esi míele nu siwo dzɔ tso Abel ƒe ɣeyiɣia me va ɖo Ezekiel ƒe ŋkekeawo me me dzrom kpuie la, de dzesi nu vevi ene aɖewo siwo nana Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ƒe tadedeagu ŋu. Woawoe nye: Yehowae wòle be tadedeagua nayi na, ele be wòanye nyuitɔ, ele be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mɔnua ŋu, eye ele be susu si dza nanɔ tadeagula la si.

Nu Ka Tae Kain Ƒe Tadedeagu Medze Mawu Ŋu O?

4, 5. Nu kae na Kain ƒo nya ta be ele be yeatsɔ yeƒe nunanaa ana Yehowa?

4 Xlẽ 1 Mose 4:2-5. Kain nya be Yehowae wòle be yeƒe nunanaa nayi na. Ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ geɖe nɔ Kain si wòatsɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Kain kple Abel anya gogo ƒe 100 esime wotsɔ woƒe nunanawo vɛ. * Esime ŋutsuvi eve siawo nɔ tsitsim la, wova nya nu tso Eden-bɔa ŋu, ɖewohĩ woanya nɔ abɔ ma si me nuku wɔna le la kpɔm le adzɔge ɖaa. Anɔ eme be wonɔa kerubi siwo le abɔa ƒe mɔ nu be ame aɖeke nagage ɖe eme o la kpɔm. (1 Mose 3:24) Ðikeke mele eme o be wo dzilawo gblɔ na wo be Yehowae wɔ nu gbagbewo katã eye be tameɖoɖo si nɔ esi na amegbetɔwo le gɔmedzedzea me la to vovo kura na nɔnɔme si me yewova le fifia, si akplɔ yewo vivivi ayi ku me. (1 Mose 1:24-28) Esiawo anya ʋã Kain wòƒo nya ta be ele be yeatsɔ yeƒe nunanaa ana Mawu.

5 Nu ka hãe anya ʋã Kain wòsa vɔa? Yehowa gblɔe ɖi be “dzidzimevi” aɖe ava, ame si agbã ta na “da la” si ble Xawa wòwɔ tiatia gbegblẽ ma. (1 Mose 3:4-6, 14, 15) Esi Kain ye nye ŋgɔgbevia ta la, anya susu be yee nye “dzidzimevi” si ŋugbe wodo la. (1 Mose 4:1) Azɔ hã, le Adam ƒe nu vɔ̃ megbe gɔ̃ hã la, Yehowa medzudzɔ nuƒoƒo kple amegbetɔ nu vɔ̃ mewo o; Mawu to mawudɔla aɖe dzi ƒo nu na Adam. (1 Mose 3:8-10) Eye Yehowa ƒo nu kple Kain esi wòsa vɔ nɛ megbe. (1 Mose 4:6) Kain nya nyuie be Yehowae wòle be woade ta agu na.

6, 7. Ðe nane gblẽ le Kain ƒe nunanaa ƒe nyonyome alo mɔnu si dzi wòto tsɔ nua na la ŋua? Ðe eme.

6 Nu ka tae Kain ƒe nunanaa medze Yehowa ŋu o? Ðe metsɔ nunana nyuitɔ na oa? Biblia megblɔe o. Egblɔ kpuie ko be Kain tsɔ “anyigbadzikutsetse aɖewo” vɛ. Emegbe Yehowa gblɔ le Se si wòtsɔ na Mose me be naneke megblẽ le vɔsa siawo tɔgbi ŋu o. (4 Mose 15:8, 9) Azɔ hã, bu nɔnɔmeawo ŋu kpɔ. Va se ɖe ɣemaɣia, amagbewo koe amegbetɔwo ɖuna. (1 Mose 1:29) Eye esi Mawu ƒo fi de anyigba si le Eden-bɔa godo ta la, Kain kpe fu ŋutɔ hafi kpɔ nu si wòtsɔ va sa vɔ lae. (1 Mose 3:17-19) Etsɔ nuɖuɖu si alé agbe ɖe te si wòkpe fu hafi kpɔ la na! Ke hã, Kain ƒe nunana medze Yehowa ŋu o.

7 Ðe wòanye be nane gblẽ le mɔnu si dzi wòto tsɔ nua na la ŋua? Ðe mɔ si dzi Kain to tsɔ nua na la medze Mawu ŋu oa? Ðewohĩ menye nyae ma o. Nu ka tae? Elabe esi Yehowa gbe Kain ƒe nunanaa la, megblɔ nyaa aɖeke tso mɔ si dzi wòto na nua la ŋu o. Le nyateƒe me la, womegblɔ nya aɖeke tso ale si Kain alo Abel sa vɔae ŋu o. Ke nu ka koŋue nye kuxia?

Susu nyui menɔ Kain si o (Kpɔ memama 8, 9)

8, 9. (a) Nu ka tae Kain ŋutɔ kple eƒe nunanaa medze Yehowa ŋu o? (b) Nu kae nèkpɔ be eɖe dzesi le nya si Biblia gblɔ tso Kain kple Abel ŋu la ŋu?

8 Nya siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ na Hebritɔwo fia be susu gbegblẽe nɔ Kain si wòtsɔ sa vɔae. Xɔse menɔ Kain si o. (Heb. 11:4; 1 Yoh. 3:11, 12) Eya ta Kain ŋutɔ ƒe nue medze Yehowa ŋu o, ke menye eƒe nunana ɖeɖe ko o. (1 Mose 4:5-8) Fofo lɔ̃amee Yehowa nye, eya ta edze agbagba be yeaɖɔ ye via ɖo. Gake Kain gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo o. Ŋutilã madebliboa ƒe dɔwɔwɔ siwo nye “kewɔwɔ, dzrewɔwɔ [kple] ŋuʋaʋã” sɔŋ koe va xɔ aƒe ɖe Kain ƒe kpɔɖeŋudzia me. (Gal. 5:19, 20) Dzi vɔ̃ɖi si nɔ Kain si wɔe be viɖe aɖeke megava nɔ eƒe tadedeagua ƒe nyuiƒewo ŋu o. Eƒe kpɔɖeŋua fia mí be tadedeagu dzadzɛa bia nu geɖe wu gotagome nuwɔna si afia be míele Yehowa subɔm la ko.

9 Biblia gblɔ nya geɖe tso Kain ŋu na mí, míese be Yehowa ƒo nu kplii, míexlẽ nu tso ale si Kain ɖo nya ŋu nɛ la ŋu, eye míenya viawo ƒe ŋkɔwo kple nu siwo wowɔ dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. (1 Mose 4:17-24) Gake le Abel gome la, nuŋlɔɖi aɖeke meli si gblɔ be edzi vi o, eye womeŋlɔ nya siwo wògblɔ la ƒe ɖeke hã ɖe Biblia me o. Ke hã Abel ƒe nuwɔnawo gale nu ƒom na mí egbea. Le mɔ ka nu?

Abel Ðo Tadedeagu Dzadzɛ Ƒe Kpɔɖeŋu Ði

10. Kpɔɖeŋu kae Abel ɖo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu?

10 Abel tsɔ eƒe nunanaa na Yehowa, elabe enya be eya koe wòle be nunanaa nayi na. Abel tsɔ eƒe “lãwo ƒe ŋgɔgbevi aɖewo” siwo nye eƒe nu nyuitɔwo vɛ. Togbɔ be Biblia megblɔe nenye be vɔsamlekpui dzie wòsa vɔa le o hã la, mɔnu si dzi wòto tsɔ eƒe nuawo na la anya dze Mawu ŋu. Gake nu si ɖe dzesi le Abel ƒe nunanaa ŋue nye susu si ta wòna nua. Togbɔ be ƒe akpe ade va yi hã la, míagate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu sia me. Abel xɔ Mawu dzi se eye wòlɔ̃ Yehowa ƒe mɔfiame dzɔdzɔewo, nu siawoe ʋãe wòtsɔ eƒe nunanaa vɛ. Aleke míewɔ nya?

Abel zɔ ɖe nu vevi ene siwo tadedeagu dzadzɛa bia la dzi (Kpɔ memama 10)

11. Nu ka tae Yesu gblɔ be Abel nye ame dzɔdzɔe?

11 Gbã la, de ŋugble le nya si Yesu gblɔ tso Abel, ame si wònya nyuie ŋu kpɔ. Yesu nɔ dziƒo esi Abel nɔ anyigba dzi. Adam ƒe vi sia ƒe nu do dzidzɔ na Yesu ŋutɔ. (Lod. 8:22, 30, 31; Yoh. 8:58; Kol. 1:15, 16) Eya ta nu si teƒe Yesu kpɔ gblɔm wònɔ esi wògblɔ be Abel nye ame dzɔdzɔe. (Mat. 23:35) Ame dzɔdzɔe ye nye ame si lɔ̃ ɖe edzi be Yehowae wòle be wòaɖo nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo. Gake menye nu ma koe ame dzɔdzɔe wɔna o, ke boŋ etoa eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi lɔ̃na ɖe dzidzenu mawo dzi. (Tsɔe sɔ kple Luka 1:5, 6.) Exɔa ɣeyiɣi hafi ame nava xɔ ŋkɔ nyui be enye ame dzɔdzɔe. Eya ta hafi Abel natsɔ eƒe nunanawo na Mawu la, anya nɔ agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu xoxo. Esia wɔwɔ manya nɔ bɔbɔe nɛ kura o. Ðewohĩ foa Kain meɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi nɛ o, dzi vɔ̃ɖi va nɔ Kain si. (1 Yoh. 3:12) Abel dada mewɔ ɖe se si Mawu de na wo tẽe la dzi o eye fofoa hã dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wòdi be ye ŋutɔ yeatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu. (1 Mose 2:16, 17; 3:6) Eya ta ele be dzi nanɔ Abel ƒo ŋutɔ hafi wòate ŋu atia mɔ bubu aɖe si to vovo kura na eƒe ƒomea tɔ!

12. Nu vevi kae na Abel to vovo tso Kain gbɔ?

12 Azɔ hã, de dzesi ale si apostolo Paulo gblɔ mɔ si nu xɔse kple dzɔdzɔenyenye do ƒome le. Paulo gblɔ be: “Le xɔse me Abel tsɔ vɔsa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu, eye to xɔse sia dzi wòkpɔ ɖaseɖiɖi be enye ame dzɔdzɔe.” (Heb. 11:4) Paulo ƒe nyawo fia be le Abel ƒe agbe me katã la, exɔ Yehowa kple ale si wòwɔa nui dzi se bliboe, gake menɔ alea le Kain ya gome o.

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Abel ƒe kpɔɖeŋua me?

13 Abel ƒe kpɔɖeŋua fia mí be ele be susu nyui nanɔ ame si hafi wòate ŋu ade ta agu le mɔ si adze Mawu ŋu nu tso dzi me, si fia be ele be ame naxɔ Yehowa dzi se tso dzi me eye wòalɔ̃ ɖe eƒe mɔfiame dzɔdzɔewo dzi bliboe. Azɔ hã, míekpɔe be tadedeagu dzadzɛa bia nu geɖe wu subɔsubɔnuwɔna ɖeka aɖe ko. Eku ɖe míaƒe agbe katã ŋu, eye elɔ ale si míenɔa agbee la katã hã ɖe eme.

Blemafofowo Hã Zɔ Ðe Kpɔɖeŋu Ma Dzi

14. Nu ka tae Noa, Abraham kple Yakob ƒe nunanaawo dze Yehowa ŋu?

14 Abel ye nye ame madeblibo gbãtɔ si de ta agu na Yehowa le mɔ dzadzɛ nu, gake menye eyae nye ame mamlɛa o. Apostolo Paulo yɔ ame bubu siwo subɔ Yehowa wòdze eŋu, ame siawo dometɔ aɖewoe nye Noa, Abraham kple Yakob. (Xlẽ Hebritɔwo 11:7, 8, 17-21.) Le blemafofo siawo ƒe agbe me ɣeaɖeɣi la, wo dometɔ ɖe sia ɖe sa vɔ na Yehowa eye Mawu xɔ woƒe nunanawo. Nu ka tae? Elabe menye subɔsubɔ me kɔnu aɖe koe wokplɔ ɖo o, wo dometɔ ɖe sia ɖe zɔ ɖe nudidi ene siwo nana tadedeagu dzea Mawu ŋu la dzi. Na míadzro woƒe kpɔɖeŋuawo me kpɔ.

Noa ƒe vɔsawo ɖee fia kɔtɛ be Yehowa koe dze woade ta agu na (Kpɔ memama 15, 16)

15, 16. Mɔ ka nue Noa wɔ ɖe nudidi vevi ene siwo nana ame ƒe tadedeagu dzea Mawu ŋu la dzi le?

15 Wodzi Noa esi Adam ku ƒe 126 megbe; ke hã xexe si me alakpasubɔsubɔ bɔ ɖo mee wònɔ tsi. * (1 Mose 6:11) Le ƒome siwo katã nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, Noa kple eƒe ƒomea koe subɔ Yehowa wòdze eŋu. (2 Pet. 2:5) Esi Noa tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa megbe la, ekpɔe be ehiã be yeaɖi vɔsamlekpui asa vɔ le edzi na Yehowa, esiae nye vɔsamlekpui gbãtɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe. Noa to nuwɔna sia si tso dzi me nɛ dzi ɖee fia eƒe ƒomea kple amegbetɔ siwo woava dzi emegbe la kɔtɛ be Yehowa ɖeka koe wòle be tadedeagu nayi na. Le lã siwo katã nɔ anyi Noa natsɔ asa vɔe dome la, etsɔ “lã siwo katã ŋu kɔ kple xe dzodzoe siwo katã ŋu kɔ la, ƒe ɖewo” sa vɔae. (1 Mose 8:20) Esiawoe nye nunana nyuitɔ kekeake elabe Yehowa ŋutɔ gblɔ le wo ŋu be wo ŋu kɔ.—1 Mose 7:2.

16 Noa sa numevɔ siawo le vɔsamlekpui si wòɖi la dzi. Ðe subɔsubɔ ƒe mɔnu sia dze Mawu ŋua? Ɛ̃. Biblia gblɔ be Yehowa se vɔsa sia ƒe ʋeʋẽ lilili la eye wòyra Noa kple viawo. (1 Mose 8:21; 9:1) Ke hã, susu si nɔ Noa si wòtsɔ sa vɔa koŋ tae eƒe vɔsaa dze Yehowa ŋu ɖo. Vɔsa siawo ganye mɔ bubu si dzi Noa to ɖe ale si wòxɔ Yehowa kple ale si wòwɔa nui dzi se la fia. Esi Noa yi edzi ɖo to Yehowa eye wòwɔ eƒe mɔfiamewo dzi ta la, Biblia gblɔ tso eŋu be: ‘Ezɔ kple Mawu vavã la.’ Esia na wova bua Noa be enye ame dzɔdzɔe.—1 Mose 6:9; Eze. 14:14; Heb. 11:7.

17, 18. Mɔ ka nue Abraham wɔ ɖe nudidi vevi ene siwo nana ame ƒe tadedeagu dzea Mawu ŋu la dzi le?

17 Ame siwo subɔ alakpamawuwo domee Abraham nɔ. Gbedoxɔ gã si me wosubɔa ɣemawu Nanna le la nɔ Ur si nye du si me Abraham tso la me. * Abraham fofo gɔ̃ hã subɔ alakpamawu ɣeaɖeɣi. (Yos. 24:2) Ke hã Abraham tiae be yeasubɔ Yehowa. Anya srɔ̃ nu tso nyateƒe Mawu la ŋu tso tɔgbuia Sem si nye Noa viŋutsu gbɔ. Abraham xɔ ƒe 150 hafi Sem ku.

18 Le Abraham ƒe agbenɔɣi katã la, esa vɔ geɖe. Gake ekpɔe be Yehowa koe wòle be subɔsubɔ sia nayi na. (1 Mose 12:8; 13:18; 15:8-10) Ðe Abraham atsɔ nunana nyuitɔ kekeake ana Yehowa? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze eme kɔ esi Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ via Isak si gbɔ melɔ̃a nu le o la ana. Gbemagbe la, Yehowa gblɔ mɔnu si dzi Abraham ato asa vɔa eme kɔ nɛ nyuie. (1 Mose 22:1, 2) Eye Abraham lɔ̃ faa be yeazɔ ɖe mɔfiame ɖe sia ɖe dzi tsitotsito. Yehowa ŋutɔe ɖo asi Abraham dzi be wòagawu via o. (1 Mose 22:9-12) Abraham ƒe tadedeagu alea dze Yehowa ŋu elabe susu nyui ye nɔ esi. Paulo gblɔ be: “Abraham xɔ Yehowa dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.”—Rom. 4:3.

Yakob ɖo kpɔɖeŋu ɖi na eƒe ƒomea (Kpɔ memama 19, 20)

19, 20. Mɔ ka nue Yakob wɔ ɖe nudidi vevi ene siwo nana ame ƒe tadedeagu dzea Mawu ŋu la dzi le?

19 Yakob nɔ Kanaan-nyigba si ŋugbe Yehowa do na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo be yeatsɔ ana wo la dzi le eƒe agbenɔɣi katã kloe. (1 Mose 17:1, 8) Ame siwo nɔ teƒe ma la ƒe nuwɔnawo dze akaɖa ale gbegbe be Yehowa gblɔ be anyigbaa “atu edzinɔlawo aƒu gbe.” (3 Mose 18:24, 25) Esi Yakob xɔ ƒe 77 la, edzo le Kanaan, eɖe srɔ̃ eye emegbe eya kple eƒe ƒome gã la trɔ va Kanaan. (1 Mose 28:1, 2; 33:18) Alakpasubɔsubɔ va kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ƒomea me tɔ aɖewo gɔ̃ hã dzi. Togbɔ be ele alea hã la, esi Yehowa gblɔ na Yakob be wòayi Betel ne wòaɖi vɔsamlekpui la, etso kpla. Gbãa, egblɔ na eƒe ƒomea be: “Miɖe dutamawu siwo katã le mia dome la ɖa, mikɔ mia ɖokuiwo ŋu.” Emegbe ewɔ ɖe mɔfiame si wonɛ la dzi pɛpɛpɛ.—1 Mose 35:1-7.

20 Yakob ɖi vɔsamlekpui geɖe le Ŋugbedodonyigbaa dzi, gake ekpɔe be Yehowa koe wòle be tadedeagua nayi na ɣesiaɣi. (1 Mose 35:14; 46:1) Eƒe vɔsawo nye nyuitɔ, mɔnu si dzi wòto subɔ Mawu kple susu si tae wòsubɔe la nyo ale gbegbe be Biblia gblɔ le Yakob ŋu be enye “ame maɖifɔ” (etenuŋɔŋlɔ), nya siae wozãna na ame siwo ƒe nu dze Mawu ŋu. (1 Mose 25:27) Le Yakob ƒe agbe me katã la, eɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na Israel dukɔ, si ava dzɔ tso eya amea me la.—1 Mose 35:9-12.

21. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso tadedeagu dzadzɛa ƒe kpɔɖeŋu si blemafofoawo ɖo la me?

21 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso tadedeagu dzadzɛa ŋu le blemafofo siawo gbɔ? Ðewohĩ ƒometɔ siwo ate ŋu awɔe be wòasesẽ na mí be míatsɔ tadedeagu si Yehowa dze na anae la domee míawo hã míele. Be míate ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siawo nu la, ele be míatu xɔse sẽŋu ɖo na Yehowa eye míaka ɖe edzi be eƒe mɔfiame dzɔdzɔeawoe nye nyuitɔ. Míeɖea xɔse sia fiana ne míeɖoa to Yehowa, eye míetsɔa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo subɔnɛ. (Mat. 22:37-40; 1 Kor. 10:31) Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be míanya be ne míetsɔ míaƒe ŋutetewo katã subɔ Yehowa le mɔ si wòbia nu, eye susu nyui ye le mía si míetsɔ le ewɔm la, abu mí ame dzɔdzɔewoe!—Xlẽ Yakobo 2:18-24.

Dukɔ Si Woɖe Ðe Vovo Hena Tadedeagu Dzadzɛ

22-24. Aleke Sea te gbe ɖe ame si wòle be Israel-viwo ƒe vɔsawo nayi na, ale si vɔsawo nanye nyuitɔ kple mɔnu si dzi woato awɔe la dzi?

22 Yehowa tsɔ Sea na Yakob ƒe dzidzimeviwo eye esia na wonya nu si tututu wòdi tso wo si. Ne woɖo to Yehowa la, woava zu eƒe “nunɔamesi tɔxɛ” kple “dukɔ kɔkɔe.” (2 Mose 19:5, 6) De dzesi ale si Sea te gbe ɖe nu vevi ene siwo tadedeagu dzadzɛa bia la dzi.

23 Yehowa yɔ ame si wòle be Israel-viwo ƒe tadedeagua nayi na tẽe. Yehowa gblɔ be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.” (2 Mose 20:3-5) Ele be nu siwo katã woatsɔ asa vɔ nɛ la nanye nyuitɔ kekeake. Le kpɔɖeŋu me, ele be lã siwo woatsɔ asa vɔe la, nasɔ blibo, eye mele be nu nawɔ afi aɖeke na wo o. (3 Mose 1:3; 5 Mose 15:21; tsɔe sɔ kple Malaki 1:6-8.) Nunana siwo wotsɔ vana na Yehowa la ɖea vi na Lewi viwo, gake woawo ŋutɔwo hã dzɔa nu. Ele be woadzɔ nu “nyuitɔ” tso nu siwo wona wo la dome. (4 Mose 18:29) Wona mɔfiame aɖewo koŋ Israel-viwo ku ɖe mɔnu si dzi woato ade ta agu, ale si woawɔe, afi si woawɔe le kple ale si woasa vɔwo na Yehowa ŋu. Se siwo katã wotsɔ na wo be wòafia mɔ wo la wu 600, eye wogblɔ na wo be: “Miwɔ abe ale si Yehowa mia Mawu de se na mi ene la pɛpɛpɛ. Migadze ɖe ɖusime alo miame o.”—5 Mose 5:32.

24 Ðe afi si Israel-viwo asa vɔwo le la le veviea? Ɛ̃. Yehowa gblɔ na eƒe amewo be woatu avɔgbadɔ eye afi mae wodea ta agu nɛ le wòdzea eŋu. (2 Mose 40:1-3, 29, 34) Ɣemaɣi la, ne Israel-viwo di be yewoƒe nunanawo nadze Mawu ŋu la, ke ele be woatsɔ wo ava avɔgbadɔa me. *5 Mose 12:17, 18.

25. Be vɔsawo nadze Yehowa ŋu la, nu kae le vevie, eye nu ka tae?

25 Gake nu si le vevie wue nye susu si le Israel-vi aɖe si wòtsɔ le nua nam! Ele be lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa kple ale si wòlɔ̃ eƒe mɔfiamewoe naʋãe tso dzi me wòana nua. (Xlẽ 5 Mose 6:4-6.) Esi Israel-viwo va nɔ Yehowa subɔm ɖewoɖewoe la, woƒe vɔsawo megadze eŋu o. (Yes. 1:10-13) Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be womate ŋu atsɔ nuwɔna dzro si metso dzi me o able ye o. Egblɔ be: ‘Dukɔ sia tsɔ woƒe nuyiwo dea bubu ŋunye, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.’—Yes. 29:13.

Tadedeagu Le Gbedoxɔ Me

26. Le gɔmedzedzea me la, akpa kae gbedoxɔ si Salomo tu la wɔ le tadedeagu dzadzɛa me?

26 Le ƒe alafa aɖewo megbe esi Israel-viwo va nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Fia Salomo tu xɔ aɖe si lolo sãsãsã wu avɔgbadɔa eye afi siae woatsɔ tadedeagu dzadzɛ anɔ Mawu nam le. (1 Fia. 7:51; 2 Kron. 3:1, 6, 7) Le gɔmedzedzea me la, wokpɔe be Yehowa ɖeɖe koe wòle be vɔ siwo katã yewosana le gbedoxɔa me la nayi na. Salomo kple eƒe dukɔmeviwo tsɔ nu nyuitɔwo sa vɔ gbogbo aɖe, eye wozɔ ɖe mɔnu siwo le Mawu ƒe Sea me la dzi. (1 Fia. 8:63) Ke hã, menye ga home si wozã ɖe xɔa ŋu kple vɔ gbogbo siwo wosana le gbedoxɔa me lae na woƒe tadedeagu dze Yehowa ŋu o. Susu si le ame siwo nɔ nuawo nam sie le vevie wu. Nya sia dzie Salomo te gbe ɖo le gbedoxɔa ŋu kɔɣi. Egblɔ be: “Mina miaƒe dzi naku ɖe Yehowa mía Mawu la ŋu bliboe, ne miazɔ le eƒe ɖoɖowo nu ahalé eƒe sededewo me ɖe asi, abe ale si wòle egbe sia ene.”—1 Fia. 8:57-61.

27. Nu kae Israel-fiawo kple wo teviwo wɔ, eye afɔ kae Yehowa ɖe?

27 Nublanuitɔe la, Israel-viwo meyi edzi wɔ ɖe fiaa ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la dzi o. Womete ŋu wɔ ɖe nudidi vevi mawo dometɔ aɖewo siwo ana woƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu la dzi o. Israel-fiawo kple wo teviwo ɖe mɔ dzi vɔ̃ɖi va su wo si, womegaxɔ Yehowa dzi se o, eye wotrɔ megbe de eƒe mɔfiame dzɔdzɔeawo. Yehowa dɔa eƒe nyagblɔɖilawo ɖe wo enuenu be woaxlɔ̃ nu wo tso nu siwo ado tso woƒe nuwɔnawo me la ŋu. (Yer. 7:13-15, 23-26) Nyagblɔɖila mawo dometɔ ɖeka aɖe si ɖe dzesie nye nuteƒewɔla Ezekiel. Enɔ agbe le ɣeyiɣi siwo tadedeagu dzadzɛa megava nɔ afɔ tsɔm o la me.

Ezekiel Kpɔ Ale Si Tadedeagu Dzadzɛa Dome Gblẽe Teƒe

28, 29. Nu kae míenya tso Ezekiel ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “Ezekiel Ƒe Agbenɔnɔ Kple Eŋɔlimetɔwo.”)

28 Ezekiel nya nu tso ale si wodea ta agu le gbedoxɔ si Salomo tu me ŋu nyuie. Nunɔlae fofoa nye eye eɖoa fofoa hã dzi wòva subɔna le gbedoxɔa me. (Eze. 1:3) Ezekiel anya kpɔ dzidzɔ le eƒe ɖevime. Ðikeke mele eme o be fofoa fia nui tso Yehowa kple eƒe Sewo ŋu. Le nyateƒe me la, wofɔ “Segbalẽ” la le gbedoxɔa me le ɣeyiɣi si me wodzi Ezekiel lɔƒo. * Nu siwo Fia nyui Yosiya si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi se le segbalẽa me ʋãe wòɖe afɔ siwo ana woagado tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ wu.—2 Fia. 22:8-13.

Ðikeke mele eme o be Ezekiel fofo fia nui tso Yehowa kple eƒe Sewo ŋu (Kpɔ memama 28)

29 Ezekiel wɔ ɖe nudidi ene siwo ana ame ƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu la dzi abe ŋutsu nuteƒewɔla siwo do ŋgɔ nɛ la ke ene. Ne míesrɔ̃ Ezekiel ƒe agbalẽa la, míakpɔe be esubɔ Yehowa tso dzi blibo me, etsɔ eƒe nu nyuitɔwo na enuenu eye wòwɔ nu siwo Yehowa bia tso esi la le ɖokuibɔbɔ me le mɔ si Mawu di la nu. Xɔsee ʋã Ezekiel wòwɔ nu siawo katã. Womate ŋu agblɔ nya siawo tso eŋɔlimetɔ geɖe ŋu o. Esi Ezekiel nɔ tsitsim la, eva nɔ to lém ɖe Yeremiya si dze eƒe dɔa gɔme le ƒe 647 D.Y. eye wòxlɔ̃ nu amewo tso Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu vevie la ƒe nyagblɔɖiwo ŋu.

30. (a) Nu kae nyagblɔɖi siwo ŋu Ezekiel ŋlɔ nu tsoe la ɖe fia? (b) Nu kae nye nyagblɔɖi, eye aleke wòle be míase nyagblɔɖi siwo ŋu Ezekiel ƒo nu tsoe la gɔme? (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Míase Ezekiel Ƒe Nyagblɔɖiawo Gɔme.”)

30 Nu siwo gbɔgbɔ ʋã Ezekiel wògblɔ ɖi la ɖe ale si gbegbe Mawu ƒe amewo tra ɖa tso mawusubɔsubɔ gbɔe la fia. (Xlẽ Ezekiel 8:6.) Esi Yehowa nɔ to hem na Yudatɔwo la, Ezekiel hã nɔ ame siwo wolé yi aboyo me le Babilon la dome. (2 Fia. 24:11-17) Togbɔ be wolé Ezekiel dzoe hã la, womehe to nɛ o. Dɔ aɖe nɔ Yehowa si nɛ wòawɔ le aboyomeawo dome. Ŋutega wɔnuku kple nyagblɔɖi siwo ŋu Ezekiel ŋlɔ nu tsoe la ɖe ale si woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le Yerusalem la fia. Gake wogaɖe nu bubuwo hã fia, wona míekpɔ ale si woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi mlɔeba na ame siwo katã lɔ̃ Yehowa.

31. Nu kae agbalẽ sia akpe ɖe mía ŋu míawɔ?

31 Le agbalẽ sia ƒe akpa siwo akplɔe ɖo me la, míakpɔ ale si afi si Yehowa le le dziƒo la le, míakpɔ ale si gbegbe wogblẽ tadedeagu dzadzɛa domee, míasrɔ̃ ale si Yehowa gbugbɔ eƒe amewo ɖo te eye wòkpɔ wo ta, eye woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si etsɔme anɔ ne ame sia ame si le agbe la va le Yehowa subɔm. Le ta si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ŋutega gbãtɔ si Ezekiel ŋlɔ ɖi la me. Ana míakpɔ Yehowa kple eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la le susu me eye wòate gbe ɖe nu si tae eya ɖeka kolia koe dze na tadedeagu dzadzɛa dzi.

^ mm. 4 Ðewohĩ esi wonya Adam kple Xawa le Eden-bɔa me megbe kpuie ye wofɔ Abel ƒe fu. (1 Mose 4:1, 2) 1 Mose 4:25 gblɔ be Mawu ɖo Set “Abel teƒe.” Adam xɔ ƒe 130 esime wòdzi Set, esi wowu Abel ŋutasesẽtɔe megbe. (1 Mose 5:3) Eya ta Abel anya xɔ ƒe 100 esime Kain wui.

^ mm. 15 Mose 4:26 gblɔ be le Enos si nye Adam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la “amewo de asi Yehowa ƒe ŋkɔ yɔyɔ me.” Ke hã, edze ƒãa be womenɔ ŋkɔa zãm le bubumɔ nu o, wonɔ Yehowa ƒe ŋkɔa bum ɖe trɔ̃wo ŋu.

^ mm. 17 Wogayɔa trɔ̃ Nanna si wobu be enye ŋutsu la be Sin. Togbɔ be ame siwo nɔ Ur subɔ trɔ̃ geɖe hã la, wobui be gbedoxɔ kple vɔsamlekpui siwo nɔ dugã ma me la nye Nanna tɔ.

^ mm. 24 Esi woɖe Nubablaɖaka la le avɔgbadɔa me megbe la, edze abe Yehowa va ɖe mɔ be woate ŋu asa vɔ le teƒe bubuwo hã ene.—1 Sam. 4:3, 11; 7:7-9; 10:8; 11:14, 15; 16:4, 5; 1 Kron. 21:26-30.

^ mm. 28 Edze abe Ezekiel xɔ ƒe 30 ene esime wòdze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme le ƒe 613 D.Y. lɔƒo. Eya ta woanya dzii le ƒe 643 D.Y. (Eze. 1:1) Yosiya dze fiaɖuɖu gɔme le ƒe 659 D.Y., eye anɔ eme be wofɔ Segbalẽ si Mose ŋlɔ la le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 18 lia me lɔƒo, alo le ƒe 642-641 D.Y. me.