Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 13

“Ðɔ Ale Si Gbedoxɔa Le”

“Ðɔ Ale Si Gbedoxɔa Le”

EZEKIEL 43:10

NYA VEVITƆ: Nu si gbedoxɔ gã si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la fia

1-3. (a) Nu ka tae gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la anya fa akɔ nɛ? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka mee míadzro le ta sia me?

 KPƆ Ezekiel si xɔ ƒe 50 la le susu me ɖa. Ne etrɔ kpɔ megbe la, akpɔe be yewonɔ aboyo me abe ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ene. Le ɣeyiɣi sia katã me la, gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la zu glikpo. Ne ɖe Ezekiel nɔ mɔ kpɔm be yeava nye nunɔla le afi ma la, ke mɔkpɔkpɔ ma hã mava eme o. Ƒe 56 aɖewo gasusɔ hafi woadzo le aboyo me, eya ta Ezekiel nya be ɖewohĩ yemanɔ agbe akpɔ eteƒe Yehowa ƒe amewo natrɔ ayi wo denyigba dzi o, eye yemakpɔ ale si woagbugbɔ gbedoxɔa atu hã teƒe o. (Yer. 25:11) Ðe nu siawo na wòlé blanuia?

2 Ekema ɖe manye dɔmenyonyo gã aɖe ŋutɔ be Yehowa tia ɣeyiɣi sia be yeaɖe ŋutega aɖe si ɖe nuwo me tsitotsito la afia ye subɔla wɔnuteƒe Ezekiel be wòade dzi ƒo nɛ eye wòana mɔkpɔkpɔe oa! Le ŋutega ma me la, wokɔ nyagblɔɖilaa yi wo de eye wodae ɖe to kɔkɔ aɖe dzi. Le teƒe kɔkɔ sia la, ekpɔ “ŋutsu aɖe si ƒe dzedzeme le abe akɔbli ene.” Mawudɔla ma kplɔe ɖi tsa le gbedoxɔ gã aɖe si le afi ma la me tsitotsito. (Xlẽ Ezekiel 40:1-4.) Nu bliboa dze nu ŋutɔŋutɔ! Le Ezekiel gome la, nu si kpɔm wòle la anya do ŋusẽe, anya kpɔ ŋusẽ ɖe edzi eye wòawɔ nuku nɛ vie. Togbɔ be nanewo ɖi wo nɔewo le gbedoxɔ sia kple esi wònya ŋu hã la, esia to vovo sãsãsã na esi le Yerusalem.

3 Ŋutega wɔdɔɖeamedzi sia ŋue woƒo nu tsoe le Ezekiel ƒe agbalẽa ƒe ta asieke mamlɛawo me. Azɔ na míaƒo nu tso nɔnɔme si wòle be wòanɔ mía si esi míele ŋutega sia me dzrom be míase egɔme la ŋu. Emegbe míakpɔe ɖa be gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si ŋu apostolo Paulo va ƒo nu tsoe tsitotsito ƒe alafa aɖewo megbe lae Ezekiel kpɔ hã. Eye míadzro nu si ŋutegaa fia na Ezekiel kple etɔ aboyomeawo la hã me.

Eva Hiã Be Míatrɔ Asi Le Ale Si Míese Nuwo Gɔme Tsã La Ŋu

4. Tsã la, nya kae míegblɔna tso gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ŋu, gake fifia nu kae wòva hiã be míawɔ?

4 Tsã la, míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me be Ezekiel kpɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ nu tsoe le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo la me. * Le susu sia ta la, edze abe esɔ be míagblɔ be nanewo nye kpɔɖeŋu na nu ŋutɔŋutɔ siwo le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me, eye míedze egɔme tso ale si Paulo ɖe avɔgbadɔa ƒe akpa vovovowo me la dzi. Ke hã, esi míedo gbe ɖa, ku nu me hede ŋugble vevie la, míekpɔe be ehiã be míaɖe nu siwo ku ɖe gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me ŋu la me wòanɔ bɔbɔe wu.

5, 6. (a) Aleke apostolo Paulo ɖe ɖokuibɔbɔ fia esime wònɔ nu ƒom tso avɔgbadɔa ŋu? (b) Nya kae Paulo gblɔ tso avɔgbadɔa ƒe akpa aɖewo ŋu tsitsotsito, eye nya ta kae míate ŋu anɔ te ɖe esia dzi aƒo tso ale si míese gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me gɔme la ŋu?

5 Edze abe masɔ be míanɔ agbagba dzem be míase egɔme be gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ƒe akpa sia akpa nye nyagblɔɖi alo le tsitre ɖi na nane kokoko o. Nu ka tae? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Esi Paulo nɔ nu ƒom tso avɔgbadɔa kple gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu la, eƒo nu tso avɔgbadɔa ƒe akpa aɖewo abe sikadzudzɔdosonu, aɖaka la ƒe nutunu kple sikaze si me mana le la ŋu. Ðe wògblɔ be nu siawo le tsitre ɖi na nyagblɔɖi aɖea? Edze ƒãa be, gbɔgbɔ kɔkɔea meʋãe be wòagblɔ nenema o. Ke boŋ Paulo ŋlɔ bena: “Menye fifiae míanɔ nu ƒom le nu siawo ŋu tsitotsito o.” (Heb. 9:4, 5) Paulo lɔ̃ faa wɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi eye wòbɔbɔ eɖokui kpɔ Yehowa sinu.—Heb. 9:8.

6 Míate ŋu agblɔ nya ma ke tso gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ŋu. Eya hã ƒo nu tso nuwo ŋu tsitotsito. Eye anyo be míalala akpɔ Yehowa sinu be wòakɔ nuwo me ne ehiã be woagakɔ nuwo me. (Xlẽ Mika 7:7.) Ekema ɖe wòle be míaƒo nya ta be Yehowa ƒe gbɔgbɔa megana numekɔkɔ aɖeke tso ŋutega sia ŋu oa? Kura o!

Gbɔgbɔmegbedoxɔ Gã Lae Ezekiel Kpɔa?

7, 8. (a) Gɔmesese yeye kae va su mía si fifia? (b) Aleke gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la to vovo na gbɔgbɔmegbedoxɔ si Paulo ɖɔ?

7 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ƒe geɖee nye esia míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me be Ezekiel kpɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si ŋu gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ nu tsoe le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo la me. Ke hã, numekukuwo kpe ɖe mía ŋu míeva kpɔe be menye gbɔgbɔmegbedoxɔ gã lae Ezekiel kpɔ o. Nu ka tae?

8 Gbãa, gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ la mesɔ kple esi gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖɔ la o. Bu nya sia ŋu kpɔ: Apostolo Paulo gblɔe eme kɔ be avɔgbadɔ si nɔ anyi le Mose ŋɔli la nye vɔvɔli kple kpɔɖeŋu na nu si lolo wu. “Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe” nɔ avɔgbadɔa me, abe ale si wònɔ le gbedoxɔ si Salomo tu kple esi Zerubabel tu la me ene. Paulo yɔ akpa ma be “kɔkɔeƒe si wotsɔ asi wɔ,” eye wòɖe eme be enye “vavãtɔ la ƒe kpɔɖeŋu” ke menye vavãtɔ la ŋutɔŋutɔ o. Kae nye vavãtɔ ŋutɔŋutɔ la? Paulo ɖe eme be eyae nye: “Dziƒo ŋutɔŋutɔ.” (Hebritɔwo 9:3, 24) Dziƒo siae Ezekiel kpɔa? Ao. Naneke medze le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me be ekpɔ nu siwo le dziƒo o.—Tsɔe sɔ kple Daniel 7:9, 10, 13, 14.

9, 10. Vovototo kae le vɔ siwo wosana le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me kple gbɔgbɔmegbedoxɔ si ŋu Paulo ƒo nu tsoe dome?

9 Nu bubu si na míegaka ɖe edzi be vovototo le Ezekiel ƒe ŋutegaa kple nu siwo Paulo ɖɔ dome la ku ɖe vɔsawo ŋu. Ezekiel see be wona mɔfiame si me kɔ la ameawo, amegãwo kple nunɔlawo tso vɔsawo ŋu. Ele be woasa vɔ ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta. Azɔ hã ele be woasa ŋutifafavɔ si woawo hã woate ŋu aɖu le gbedoxɔa ƒe nuɖuxɔwo me. (Eze. 43:18, 19; 44:11, 15, 27; 45:15-20, 22-25) Ðe wosaa vɔ mawo siwo wosana edziedzi la le gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la hã mea?

Menye gbɔgbɔmegbedoxɔ gã lae nye gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me o

10 Ŋuɖoɖoa me kɔ eye wòle kpuie. Paulo gblɔ be: “Esime Kristo va abe nu nyui siwo va li la ƒe nunɔlagã ene la, ege ɖe agbadɔ si lolo wu hede blibo wu, esi wometsɔ asi tu o, si fia be menye nuwɔwɔ sia ƒe akpa aɖeke o, la me. Menye gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu ye wòtsɔ ge ɖe kɔkɔeƒe la zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe ʋue, eye wòxɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ vɛ na mí.” (Heb. 9:11, 12) Eya ta le gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me la, zi ɖeka koe wosa vɔ ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Esiae nye tafevɔsa la, eye Nunɔla Gãtɔ Kekeake Yesu Kristo ŋutɔe sa vɔa. Eme kɔ ƒãa be gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me si me wotsɔa gbɔ̃wo kple nyitsuwo saa vɔe le la menye gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la o.

11. Le Ezekiel ƒe ŋkekea me la, nu ka tae ɣeyiɣia mede na Mawu be wòaɖe nyateƒenya mawo afia tso gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ŋu o?

11 Esia na míekpɔ susu evelia si ta Ezekiel mate ŋu akpɔ gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la o. Eyae nye be: Ɣeyiɣia mede na Mawu be wòaɖe nyateƒenya mawo afia o. Ðo ŋku edzi be Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon ŋue ŋutega si Ezekiel kpɔ la ku ɖo. Wonɔ Mose ƒe Sea te. Eya ta ne woƒe aboyomenɔɣia wu enu la, ele be woatrɔ ayi Yerusalem eye woawɔ ɖe Se siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la dzi agbugbɔ gbedoxɔa atu eye woaɖi vɔsamlekpuia. Woagasa vɔwo le afi ma abe ale si wova wɔe hã ene hena ƒe alafa ade aɖewo. Bu ale si nuwo anɔ na Yudatɔwo ne ɖe ŋutega si Ezekiel kpɔ la nye esi ku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔ—si me nunɔlagã la tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe sa vɔe, eye le ema yome la womegasaa vɔ bubuwo le o ŋu kpɔ! Anye ne manɔ bɔbɔe be woase ŋutega ma gɔme o. Ðe esia mawɔe be wòasesẽ na wo be woayi edzi awɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi oa? Abe ale si Yehowa wɔnɛ ɣesiaɣi ene la, eɖea nyateƒenyawo ɖe go le ɣeyiɣi si tututu eƒe amewo ase egɔme la dzi.

12-14. Ƒomedodo kae le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ kple ale si Paulo ɖɔ gbɔgbɔmegbedoxɔa dome? (Kpɔ aɖaka si nye “Gbedoxɔ Vovovowo, Nufiame Vovovowo.”)

12 Ekema ƒomedodo kae le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me kple ale si Paulo ɖɔ gbɔgbɔmegbedoxɔa la dome? Ðo ŋku edzi be Paulo metu ale si wòƒo nu tso gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu la ɖe gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la dzi o, ke boŋ etui ɖe avɔgbadɔ si nɔ anyi le Mose ŋɔli la dzi. Nyateƒee wònye be Paulo ƒo nu tso nane siwo nɔ gbedoxɔ si Salomo tu kple esi Zerubabel tu ŋu siwo ɖi esiwo dze le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la me ya. Gake nu vovovowo ŋue Ezekiel kple Paulo ƒo nu tsoe le woƒe nuŋlɔɖiwo me. * Le esi woaƒo nu tso nu ɖeka ŋu teƒe la, ɖe woƒe nuŋlɔɖiawo de nu wo nɔewo tɔ me boŋ. Le mɔ ka nu?

13 Míate ŋu ade ŋugble le ƒomedodo si le nuŋlɔɖi eve siawo siwo dze le Biblia me la ŋu ale: Míesrɔ̃ ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe tadedeagu ŋu la tso Paulo gbɔ, gake míesrɔ̃ dzidzenu siwo Yehowa na ku ɖe tadedeagu ŋu la tso Ezekiel gbɔ. Paulo ƒo nu tso gɔmesese si le nuwo abe nunɔlagã, vɔsawo, vɔsamlekpuia kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea siwo le gbɔgbɔmegbedoxɔa me la ŋu tsɔ fia ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la mí. Gake gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la te gbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu deŋgɔ siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu dzi, si na míesrɔ̃ nu vevi aɖewo tso Yehowa ƒe dzidzenuwo ŋu tsitotsito, eye wotsi dzi kple susu me na mí.

14 Ke nu kae nye gɔmesese yeye si va su mía si fifia? Mefia be ŋutega si Ezekiel kpɔ la maɖe vi boo aɖeke na mí egbea o. Be míakpɔ ale si ŋutegaa le vi ɖem na míi la, na míalé ŋku ɖe ale si wòɖe vi na Yudatɔ wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Ezekiel ŋɔli kple emegbe la ŋu nyuie.

Nu Kae Ŋutegaa Fia Na Yudatɔ Aboyomeawo?

15. (a) Nu ka koŋue nye gbedeasi si le ŋutega si Ezekiel kpɔ si nye nyagblɔɖi la me? (b) Vovototo kae míekpɔ le Ezekiel ta 8 kple Ezekiel ta 40 va ɖo 48 dome?

15 Hafi míakpɔ ale si Biblia ɖo biabia ma ŋu la, na míabu biabia bubu siwo sɔ kplii siwo akpe ɖe mía ŋu be míase nya bliboa gɔme nyuie la ŋu kpɔ. Gbãa, nu ka koŋue nye gbedeasi si le ŋutega ma si nye nyagblɔɖi la me? Kpuie ko la, eku ɖe tadedeagu dzadzɛa si woagbugbɔ aɖo anyi la ŋu! Esia me kɔ nyuie na Ezekiel. Ɣemaɣi la, eŋlɔ nu si míeva nya egbea be Ezekiel ƒe agbalẽa ƒe ta 8 lia. Le ta ma me la, Yehowa ƒo nu tso ale si gbegbe gbedoxɔ si le Yerusalem gblẽe la ŋu. Eye anya dzɔ dzi na Ezekiel be yeaŋlɔ nu tso ale si nuwo va trɔe ŋu tsitotsito abe ale si wòdze le ta 40 va ɖo 48 ene. Le afi sia la, míekpɔ be menye ɖe tadedeagu dzadzɛa dome gblẽ o, ke boŋ ele abe ale si wòle be wòanɔ ene, si nye ale si wòle be woasubɔ Yehowa nyuie abe ale si Mose ƒe Sea gblɔe ene.

16. Aleke gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ɖo kpe nya si Yesaya gblɔ ɖi ƒe alafa ɖeka do ŋgɔ la dzi?

16 Hafi woagbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagua aɖo anyi abe tsã ene la, ele be woadoe ɖe dzi. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ la, gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ bena: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la ali ke sesĩe, akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòakɔ aƒo togbɛwo ta.” (Yes. 2:2) Yesaya kpɔe do ŋgɔ be woagbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi eye woadoe ɖe dzi abe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzie wòle ene. Ke afi kae Ezekiel ŋutɔ le le ŋutega sia si tso Mawu gbɔ la me? Enɔ “to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi” nɔ Yehowa ƒe aƒe la kpɔm! (Eze. 40:2) Ŋutega si Ezekiel kpɔ la ɖo kpe edzi be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi.

Wodo gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ la ɖe dzi wònɔ teƒe kɔkɔ aɖe (Kpɔ Memama 16)

17. Ƒo nu tso nu si ŋu Ezekiel ta 40 va ɖo 48 ku ɖo ŋu kpuie.

17 Na míade ŋugble tso nu si Ezekiel kpɔ kple nu si wòse si wòŋlɔ ɖe Ezekiel ta 40 va ɖo 48 la ŋu kpuie. Ekpɔ mawudɔla aɖe wòdzidze agboawo, gliawo, xɔxɔnuawo kple gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la. (Eze. 40–42) Emegbe nu dodzidzɔname aɖe kplɔe ɖo: Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe va gbedoxɔa me! Yehowa xlɔ̃ nu eƒe dukɔ si tra mɔ la, nunɔlawo kple amegãwo. (Eze. 43:1-12; 44:10-31; 45:9-12) Ezekiel kpɔ tsi aɖe nɔ sisim tso kɔkɔeƒea, eye wòsi yi Ƒu Kukua me si na wògbɔ agbe eye wòhe yayrawo vɛ. (Eze. 47:1-12) Ekpɔ hã be woma anyigbaa ɖe ɖoɖo tɔxɛe aɖe nu, eye tadedeagu dzadzɛa le titina lɔƒo. (Eze. 45:1-8; 47:13–48:35) Nu kae esiawo katã fia? Edze ƒãa be Yehowa le kpe ɖom edzi na eƒe amewo be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi eye woadoe ɖe dzi. Eya ŋutɔ ava nɔ eƒe aƒea me wòanye yayra na eƒe aƒea eye wòana yayra siwo atso gbedoxɔ ma me nahe gbedada kple agbe vɛ eye wòana nuwo nanɔ ɖoɖo nu le anyigba si woagaɖo te la dzi.

Gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me ƒe ŋutikɔkɔe ɖee fia be Yehowa agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi (Kpɔ memama 17)

18. Ðe nu siwo dze le ŋutegaa me la nye nu ŋutɔŋutɔwoa? Ðe eme.

18 Evelia, ɖe nu siwo dze le ŋutegaa me la nye nu ŋutɔŋutɔwoa? Ao. Ezekiel kple etɔ aboyome siwo wòɖɔ ŋutegaa na anya de dzesii enumake be menye nu ŋutɔŋutɔwoe nu siwo le ŋutegaa me la fia o. Nu ka tae? Ðo ŋku edzi be Ezekiel kpɔ be gbedoxɔa nɔ “to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi.” Togbɔ be esia wɔ ɖeka kple Yesaya ƒe nyagblɔɖia nyuie hã la, menye afi mae gbedoxɔa ŋutɔŋutɔ nɔ o. Wotu Salomo ƒe gbedoxɔa ɖe Moria To dzi le Yerusalem, eye teƒe mae woagbugbɔ atui ɖo gbe ɖeka. Gake “to kɔkɔ ŋutɔ” aɖee to ma nyea? Ao. Le nyateƒe me la, to bubuwo kɔkɔ sɔ kple Moria Toa alo kɔkɔ wui. Azɔ hã gbedoxɔa ƒe teƒe si Ezekiel kpɔ la keke. Ale si wòkeke eye wotɔ kpɔ ɖe eŋu ta la, manya wɔ be wòanɔ Moria Toa dzi o. Elolo wu afi si Yerusalem du bliboa nɔ le Salomo ƒe ŋkekea me! Azɔ hã, aboyomeawo menɔ mɔ kpɔm be tsi ŋutɔŋutɔ aɖe asi tso gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒea ayi Ƒu Kukua me ale be wòagbɔ agbe o. Eye ale si Ŋugbedodonyigbaa nye tonutowo ta la, manya wɔ be woama anyigbaa na toawo wòadzɔ abe ale si wòdze le ŋutegaa me ene o. Eya ta mele be woase nu siwo dze le ŋutegaa me gɔme be wofia nu ŋutɔŋutɔwo o.

19-21. Dɔ kae Yehowa di be ŋutega si Ezekiel kpɔ la nawɔ ɖe ameawo dzi, eye nu ka tae wòawɔ dɔ ɖe wo dzi nenema?

19 Etɔ̃lia, dɔ kae wodi be ŋutegaa nawɔ ɖe Ezekiel ŋɔlimetɔwo dzi? Ne amewo de ŋugble tso Yehowa ƒe dzidzenu deŋgɔ siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu ŋu la, ele be esia nadze ŋukpe dzi na wo. Yehowa gblɔ na Ezekiel be ‘wòaɖɔ ale si gbedoxɔa le la na Israel ƒe aƒe la.’ Ele be Ezekiel naɖɔ gbedoxɔa nyuie ale gbegbe be wòanɔ bɔbɔe na Israel-viwo be woate ŋu ‘asrɔ̃ nu tso eƒe nɔnɔme la ŋu.’ Nu ka tae wòle be amewo nabu gbedoxɔa ŋu? Abe ale si míekpɔe va yi ene la, menye susuae nye be woatui o. Ke boŋ abe ale si Yehowa gblɔe ene la, “ne woƒe vodadawo nakpe ŋu na wo.”—Xlẽ Ezekiel 43:10-12.

20 Nu ka tae ŋutegaa awɔ dɔ ɖe ame siwo si dzi nyui le la dzi eye wòana ŋu nakpe wo? De dzesi nya si wogblɔ na Ezekiel: “Amegbetɔvi, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu kple ŋku, eye ƒu to anyi nàse nya siwo katã gblɔ ge mala na wò le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo kple sewo katã ŋu.” (Eze. 44:5) Ezekiel se nu tso ɖoɖowo kple sewo ŋu enuenu. (Eze. 43:11, 12; 44:24; 46:14) Azɔ hã, woɖo ŋku Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi na Ezekiel woɖo ŋku dzidzenu siwo ku ɖe nuwo ƒe didime kple nuwo ƒe kpekpeme siwo de pɛpɛpɛ dzi na Ezekiel. (Eze. 40:5; 45:10-12; tsɔe sɔ kple Lododowo 16:11.) Le ŋutega ɖeka sia ko me la, Ezekiel zã gbe gbãtɔ me nya si gɔme woɖe be ‘dzidze,’ “dzidzeme” kple eƒomevi vovovowo wòwu zi 50 sɔŋ!

21 Nya kae Yehowa di be yeagblɔ na wo esi wòzã nya dzidzeme, sewo, ɖoɖowo kple kpekpemewo? Ðewohĩ edi be yeaɖo ŋku nyateƒenya vevi sia dzi na wo be: Yehowa ɖeka koe ɖoa dzidzenu si dzi woazɔ ɖo le tadedeagu dzadzɛa me. Eye ele be ame siwo tra ɖa tso dzidzenu mawo gbɔ la ƒe nuwɔnawo nakpe ŋu na wo! Gake mɔ kawo nue ŋutegaa ɖo ŋku nu vevi mawo dzi na Yudatɔawo le? Le ta si kplɔe ɖo me la, míaƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu. Ema akpe ɖe mía ŋu míagakpɔ ale si ŋutega wɔdɔɖeamedzi ma ate ŋu aɖe vi na míawo hã geɖe wu egbea.

Nu ka tae ŋutega si ku ɖe gbedoxɔa ŋu la ana ŋu nakpe ame siwo si dzi nyui le? (Kpɔ Memama 19-21)

^ mm. 4 Gbɔgbɔmegbedoxɔa nye ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu si nɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi. Míeva se egɔme be ɖoɖo sia te dɔwɔwɔ tso ƒe 29 K.Ŋ.

^ mm. 12 Le kpɔɖeŋu me, Paulo he susu yi nunɔlagã la ƒe dɔwo kple dɔ siwo wòwɔna le Avuléŋkekea dzi ƒe sia ƒe la dzi. (Heb. 2:17; 3:1; 4:14-16; 5:1-10; 7:1-17, 26-28; 8:1-6; 9:6-28) Gake le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, womeƒo nu tso nunɔlagã alo Avuléŋkeke la ŋu o.