Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Numekɔkɔ Yeyewo Ƒe Totoɖeme

Numekɔkɔ Yeyewo Ƒe Totoɖeme

Le ƒe siwo va yi me la, wotrɔ asi le ale si míese Ezekiel ƒe nyagblɔɖi gbogbo aɖewo gɔme ŋu le Gbetakpɔxɔ me. Eye wotsɔ numekɔkɔ bubuwo kpee le agbalẽ sia si nye Yehowa Ƒe Tadedeagu DzadzɛaWogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!, la hã me. Kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siawo ŋu hã.

Nu kae nu gbagbeawo ƒe mo eneawo le tsitre ɖi na?

Ale si míese egɔme tsã: Nu gbagbeawo, alo kerubiawo ƒe mo eneawo dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na Yehowa ƒe nɔnɔme vevi eneawo dometɔ ɖeka.

Numekɔkɔ yeye: Togbɔ be nu gbagbeawo ƒe mo eneawo dometɔ ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na Yehowa ƒe nɔnɔme vevi eneawo dometɔ ɖeka hã la, ne míelé ŋku ɖe nu gbagbeawo ƒe mo eneawo ŋu ɖe du la, wotsia tre ɖi na nɔnɔme siwo katã le Yehowa si. Azɔ hã, mo eneawo ɖoa ŋku ale si Yehowa ƒe gãnyenye, ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe ƒo ɖe sia ɖe ta sãsãsã la dzi na mí.

Susu si ta míetrɔe: Le Mawu ƒe Nyaa me la, wozãa xexlẽdzesi ene zi geɖe wòfiaa blibonyenye, alo nu si me naneke meto le o. Eya ta ne míelé ŋku ɖe mo eneawo katã ŋu ɖe du la, womegatsia tre ɖi na nɔnɔme ɖekaɖekawo ko o, ke boŋ wova zua nu si dzi Yehowa ƒe amenyenye wɔnukua nɔ te ɖo. Azɔ hã mo eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe nɔnɔme siwo nye ŋusẽ kple gãnyenye fia. Togbɔ be ele alea hãa, nu gbagbe triakɔ ene siawo siwo le tsitre ɖi na nuwɔwɔwo, abe ale si kerubiawo ƒe mo eneawo ɖee fia ene la katã le anyime vie na Yehowa ƒe fiazikpuia. Esia ɖee fia be Yehowa ɖeka koe nye Dziɖulagã ɖe nu sia nu dzi.

Ame kae ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la le tsitre ɖi na?

Ale si míese egɔme tsã: Ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnua ɖe asi la le tsitre ɖi na amesiamina susɔeawo. Amesiaminawo to gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa dzi fifia le dzesi dem ŋgonu na ame siwo va zu “ameha gã” la me tɔwo le kpɔɖeŋumɔ nu.—Nyaɖ. 7:9.

Numekɔkɔ yeye: Ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la le tsitre ɖi Yesu Kristo. Ade dzesi ameha gã la me tɔwo le “xaxa gã” la me ne edrɔ̃ ʋɔnu wo be wonye alẽwo.—Mat. 24:21.

Susu si ta míetrɔe: Yehowa tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a de asi na Via. (Yoh. 5:22, 23) Le Mateo 25:31-33 ƒe nya nu la, Yesue atso nya me mamlɛa le ame siwo nye ‘alẽwo’ kple ‘gbɔ̃wo’ ŋu.

Ðe nɔvinyɔnu siwo nye gbolowo, Ohola kple Oholiba, le tsitre ɖi na Kristodukɔa, vevietɔ eƒe akpa vevi eve siwo nye Katoliko kple Protestant hawoa?

Ale si míese egɔme tsã: Ohola (Samaria, Israel ƒe fiadu) si nye nyɔnuvi tsitsitɔ la le tsitre ɖi na Katolikotɔnyenye; Oholiba (Yerusalem, Yuda ƒe fiadu) si nye nyɔnuvi ɖevitɔ la le tsitre ɖi na Protestanttɔnyenye.

Numekɔkɔ yeye: Nɔvinyɔnu eve siwo nye gbolowo la menye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu siwo le tsitre ɖi na Kristodukɔa o. Ke hã woƒe anyinɔnɔ na míekpɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me ne ame siwo wɔa nuteƒe nɛ tsã va wɔ gbɔgbɔmehasi. Nenemae wòsena le eɖokui me tso alakpasubɔsubɔ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.

Susu si ta míetrɔe: Naneke medze le Ŋɔŋlɔawo me si ɖee fia be Ohola kple Oholiba nye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋuwo na Kristodukɔa o. Tsã la, Israel kple Yuda wɔa nuteƒe na Yehowa, gake ƒomedodo sia menɔ Kristodukɔa kple Yehowa dome kpɔ o. Azɔ hã ale si wotsɔ Mawu ƒe ame siwo mewɔ nuteƒe nɛ o sɔ kple gbolowo le Ezekiel ta 16 kple 23 lia me ta la, ena wokpɔe be mɔkpɔkpɔ li be woava ɖɔ nuwo ɖo eye woagava ɖo yewo te. Gake mɔkpɔkpɔ ma ƒe ɖeke mele Kristodukɔa si nye Babilon Gã la ƒe akpa aɖe la si o.

Ðe Kristodukɔa nye kpɔɖeŋu na Yerusalem si va gbe xɔse la?

Ale si míese egɔme tsã: Yerusalem si mewɔ nuteƒe o la nye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu na Kristodukɔa. Eya ta Yerusalem tsɔtsrɔ̃ nye nyagblɔɖi si fia nu si ava dzɔ ɖe Kristodukɔa dzi.

Numekɔkɔ yeye: Nu siwo Yerusalem nɔla mawɔnuteƒewo nɔ wɔwɔm siwo ƒe ɖewoe nye trɔ̃subɔsubɔ kple nu fitifiti wɔwɔ si bɔ ɣemaɣi la ɖoa ŋku nu siwo le edzi yim le Kristodukɔa me la dzi na mí, gake fifia míegagblɔna be Kristodukɔa le tsitre ɖi na Yerusalem o.

Susu si ta míetrɔe: Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi aɖeke meli si dzi míanɔ te ɖo agblɔ be nane nye kpɔɖeŋu alo nye nu si kpɔɖeŋua le tsitre ɖi na o. To vovo na blema Yerusalem la, Kristodukɔa ya metsɔ tadedeagu dzadzɛ na Mawu kpɔ o. Eye togbɔ be Yehowa tsɔ Yerusalem nɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo ɣeaɖeɣi hã la, mɔkpɔkpɔ sia meli na Kristodukɔa ya o.

Aleke ŋutega si ku ɖe bali si me ƒu ƒuƒuwo le ŋu la va emee?

Ale si míese egɔme tsã: Le ƒe 1918 me la, Babilon Gã la ɖe aboyo amesiamina siwo yome woti la, si na wova nɔ abe ɖe woku ene, womeganɔ dɔ wɔm tututu o. Woƒe aboyomenɔnɔ kpui ma wu enu le ƒe 1919 me esime Yehowa gbɔ agbe wo wogate gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea.

Numekɔkɔ yeye: Gbɔgbɔmeboyo si woɖe wo si na wova nɔ abe ɖe woku ene la nɔ anyi didi eye wòdze egɔme do ŋgɔ na ƒe 1918. Edze egɔme tso ƒe alafa evelia K.Ŋ. eye wòwu enu le ƒe 1919 K.Ŋ. eye esia wɔ ɖeka kple Yesu ƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖi siwo nɔ tsitsim hena ɣeyiɣi didi aɖe la ŋu.

Susu si ta míetrɔe: Israel-viwo ƒe aboyomenɔnɔa nɔ anyi didi, edze egɔme tso ƒe 740 D.Y. eye wòwu enu le ƒe 537 D.Y. Ezekiel ɖɔ ƒuawo be ‘woƒu’ alo ‘woƒu kplakplakpla’ si fia be ame siwo ƒuawo tsi tre ɖi na la ku eteƒe didi. Eye woɖɔ ale si woagbɔ agbe ƒuawo be enye nu si woanɔ wɔwɔm vivivi eye wòaxɔ ɣeyiɣi.

Gɔmesese kae le ati eve siwo wokpe wòzu ɖeka la ŋu?

Ale si míese egɔme tsã: Esi Xexemeʋa I gblẽ amesiaminawo ƒe ɖekawɔwɔ me hena ɣeyiɣi kpui aɖe la, amesiamina susɔeawo dometɔ siwo nye nuteƒewɔlawo la gava wɔ ɖeka ake le ƒe 1919 me.

Numekɔkɔ yeye: Nyagblɔɖia te gbe ɖe edzi be Yehowa ana esubɔlawo nawɔ ɖeka. Tso ƒe 1919 me, esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le anyigba dzi siwo le dzidzim ɖe edzi la, va wɔa ɖeka kple amesiamina susɔeawo. Ƒuƒoƒo evea siaa wɔ ɖeka le Yehowa subɔm.

Susu si ta míetrɔe: Nyagblɔɖia meƒo nu tso ati ɖeka aɖe si ŋe ɖe eve ŋu eye emegbe wokpee wòva zu ati ɖeka o. Eya ta nyagblɔɖia meku ɖe ƒuƒoƒo ɖeka aɖe si ava ma eye emegbe woava wɔ ɖeka ŋu o. Ke boŋ eɖɔ ale si ƒuƒoƒo vovovo eve ava wɔ ɖeka.

Ame kae nye Gog si tso Magog la?

Ale si míese egɔme tsã: Gog si tso Magog nye nyagblɔɖi ŋkɔ si woyɔna na Satana tso esime wonyae le dziƒo.

Numekɔkɔ yeye: Gog si tso Magog la le tsitre ɖi na anyigbadzidukɔ siwo aƒo ƒu atso ɖe ame siwo le tadedeagu dzadzɛa me la ŋu le xaxa gã la me.

Susu si ta míetrɔe: Ale si woɖɔ Gog le nyagblɔɖi me be woatsɔe ana xe ƒonuwo woaɖu eye woana ɖiƒee ɖe anyigba dzi ta la, efia be menye gbɔgbɔ- menuwɔwɔe Gog nye o. Azɔ hã Gog ƒe amedzidzedzea wɔ ɖeka kple nya si Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo gblɔ tso anyigbadzidukɔ siwo ava dze Mawu ƒe amewo dzi la ŋu.—Dan. 11:40, 44, 45; Nyaɖ. 17:14; 19:19.

Gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si apostolo Paulo ɖɔ emegbe lae Ezekiel kpɔ eye wòɖi tsa le emea?

Ale si míese egɔme tsã: Gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la kee nye gbɔgbɔmegbedoxɔ si ŋu apostolo Paulo va ɖɔ.

Numekɔkɔ yeye: Menye gbɔgbɔmegbedoxɔ si va te dɔwɔwɔ tso ƒe 29 K.Ŋ., lae Ezekiel kpɔ o, ke boŋ nu si wòkpɔ la ku ɖe ale si woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛ si ŋu woƒo nu tsoe le Mose ƒe Sea me la aɖo te ne wotrɔ gbɔ tso aboyo me la ŋu. Nu siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wògblɔ la ku ɖe dɔ si Yesu si nye Nunɔla Gãtɔ Kekeake wɔ le gbɔgbɔmegbedoxɔa me tso ƒe 29 va ɖo ƒe 33 K.Ŋ., koŋ ŋu. Gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ, si me womeƒo nu tso nunɔlagã aɖeke ŋu le o la te gbe ɖe ale si wogbugbɔ nɔ Mawu ƒe amewo ɖom te le gbɔgbɔ me tso ƒe 1919 K.Ŋ., dzi la dzi. Eya ta míegatsia dzi be míanya nu si gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me ƒe akpa vovovoawo kple ale si wodzidze nuwo wode pɛpɛpɛ la le tsitre ɖi na kokoko o. Ke boŋ ele be míana míaƒe susu nanɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe ŋutegaa me tso Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la dzi.

Susu si ta míetrɔe: Gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me to vovo kura na gbɔgbɔmegbedoxɔa le mɔ vevi aɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa lãwo saa vɔe le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ la me; le gbɔgbɔmegbedoxɔa me la, vɔ ɖeka koe wosa “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.” (Heb. 9:11, 12) Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ hafi Kristo nava la, ɣeyiɣia mede na Yehowa be wòaɖe nyateƒenya goglowo me tso gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu o.