Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 21

“Du La Ƒe Ŋkɔ Anye: Yehowa Le Afi Ma”

“Du La Ƒe Ŋkɔ Anye: Yehowa Le Afi Ma”

EZEKIEL 48:35

NYA VEVITƆ: Nu si du la kple nu si wodzɔ la fia

1, 2. (a) Anyigbaa ƒe akpa tɔxɛ kae wòle be woaɖe ɖe vovo? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.) (b) Kakaɖedzi kae ŋutegaa na aboyomeawo?

 LE ŊUTEGA mamlɛtɔ me la, Ezekiel kpɔ anyigbaa ƒe akpa aɖe si woɖe ɖe vovo be woazã le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Wodzɔ akpa si woɖe ɖe vovo la na Yehowa, ke menye abe domenyinu ene na Israel-viwo o. Ezekiel gakpɔ du ɖedzesi aɖe si wotsɔ ŋkɔ tɔxɛ aɖe na. Ŋutegaa ƒe akpa sia na aboyomeawo ka ɖe edzi vevie be: Yehowa anɔ kpli yewo ne yewotrɔ gbɔ va yewo denyigba lɔlɔ̃a dzi.

2 Ezekiel ɖɔ anyigba si wodzɔ na Yehowa la tsitotsito na mí. Na míaƒo nu tso ŋutega sia si afia nu vevi aɖe mí Yehowa subɔla siwo li egbea la ŋu.

‘Adzɔ Kɔkɔe Si Kpe Ðe Du La Ƒe Anyigba Ŋu’

3. Anyigba ƒe akpa vovovo atɔ̃ kawoe Yehowa na woɖe ɖe vovo, eye nu kae wozã wo na? (Kpɔ aɖaka si nye “Anyigba Si Miaɖe Wòanye Adzɔ La.”)

3 Wodzidze anyigbaa ƒe akpa tɔxɛ sia tso dziehe va anyiehe wòle abɔklugui 25,000 (kilometa 13) eye tso ɣedzeƒe va ɣetoɖoƒe hã le abɔklugui 25,000. Woyɔ anyigba sia si le dzogoe ene me la be ‘teƒe blibo si wodzɔ.’ Womae ɖe akpa etɔ̃ me tso ɖusime yi miame. Wotsɔ akpa si le etame la na Lewi viwo, wogblẽ akpa si le dome la ɖi na gbedoxɔa kple nunɔlawo. Akpa eve siawoe nye “adzɔ kɔkɔe” la. Akpa sue si le ete, alo “teƒe mamlɛa” anye “teƒe si tsi anyi na du haho la.” Anye dua me nɔlawo tɔ.—Eze. 48:15, 20.

4. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nu sia si wodzɔ na Yehowa la me?

4 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nu sia si wodzɔ na Yehowa la me? Esi wotso anyigba ƒe akpa aɖe ɖi gbã wònye nudzɔdzɔ tɔxɛ eye emegbe hafi woɖe esi nye Israel-toawo tɔ ta la, Yehowa to esia dzi ɖee fia be ele be akpa sia si wotso ɖi na gbɔgbɔmenuwo la, naxɔ nɔƒe gbãtɔ le anyigba la dzi. (Eze. 45:1) Mewɔ nuku o be, aboyomeawo srɔ̃ nu vevi aɖe tso ɖoɖo si nu woma anyigbaa ɖo la me. Ele be woatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Egbea, míawo hã míebua nu siwo míewɔna tsɔ subɔa Mawu, abe eƒe Nyaa sɔsrɔ̃, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gbeƒãɖeɖedɔa ene be woawoe le vevie. Ne míesrɔ̃ Yehowa eye míetsɔ nu siwo le vevie wu ɖo nɔƒe gbãtɔ la, esia awɔe be mawusubɔsubɔ anɔ vevie na mí ne míele míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm.

“Du La Nanɔ Etitina”

5, 6. (a) Ame ka tɔe nye du la? (b) Nu kae dua mefia o, eye nu ka tae?

5 Xlẽ Ezekiel 48:15. Nu kae “du la” kple anyigba si ƒo xlãe la fia? (Eze. 48:16-18) Le ŋutegaa me la, Yehowa gblɔ na Ezekiel be: ‘Teƒe si anye dua tɔ la anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ.’ (Eze. 45:6, 7) Eya ta du la kple anyigba si ƒo xlãe la mekpe ɖe “adzɔ kɔkɔe” si nye akpa si ‘wodzɔ na Yehowa’ la ŋu o. (Eze. 48:9) Esi esia le susu me na mí la, na míalé ŋku ɖe ɖoɖo siwo le dua me la ŋu ne míakpɔ ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme egbea hã.

6 Hafi míanya nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso du sia ŋu la, gbãa, ele be míanya nu si du sia mate ŋu anye o. Mefia Yerusalem dua kple eƒe gbedoxɔ si wogbugbɔ tso la o. Nu ka tae? Elabena gbedoxɔ mele du si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me la me o. Azɔ hã, dua mefia du bubu aɖe si le Israel-nyigba si wogbugbɔ ɖo te la dzi o. Nu ka tae? Elabena aboyome siwo trɔ gbɔ alo wo viwo metso du aɖeke si ɖi esi woɖɔ le ŋutegaa me la me o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dua mefia du aɖe si le dziƒo o. Nu ka tae? Elabena wotui ɖe anyigba si “woɖo na amehawo [alo, menye teƒe kɔkɔe o]” la dzi. Anyigba si woɖo na amehawo la to vovo tso esi woɖe ɖe vovo na tadedeagu dzadzɛa gbɔ.—Eze. 42:20.

7. Nu kae nye du si Ezekiel kpɔ la, eye nu kae wòle tsitre ɖi na? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Ekema nu kae nye du si Ezekiel kpɔ la? Ðo ŋku edzi be ŋutega si me wòkpɔ dua le la ke mee wòkpɔ anyigba la hã le. (Eze. 40:2; 45:1, 6) Mawu ƒe Nyaa gblɔ be anyigba ma le tsitre ɖi na gbɔgbɔmenyigba aɖe, eya ta dua hã le tsitre ɖi na gbɔgbɔmedu aɖe. Kpuie ko la, nu kae nya “du” fia? Nya ma fia ame siwo wɔ ɖeka siwo wowɔ ɖoɖowo na be woazɔ ɖe wo dzi. Eya ta du si Ezekiel kpɔ si me nuwo le ɖoɖo nu le—si le dzogoe ene me si ƒe akpa sia akpa sɔ—la anya fia dziɖuɖu si me nuwo le ɖoɖo nyui nu le.

8. Afi ka alo teƒe kae dziɖuɖu sia ƒe dɔwo yia edzi le, eye nu ka tae?

8 Afi ka alo teƒe kae dziɖuɖu sia ƒe dɔwo yia edzi le? Ŋutega si Ezekiel kpɔ ɖee fia be gbɔgbɔmenyigba la dzie du sia ƒe dɔwɔnawo nɔ edzi yim le. Eya ta dziɖuɖu sia ƒe dɔwɔnawo le edzi yim egbea le Mawu ƒe amewo dome. Ke nu kae du si wotso ɖe anyigba si woɖo na amehawo alo, anyigba si mele kɔkɔe o dzi la fia? Eɖoa ŋku edzi na mí be dua mele dziƒo o, ke boŋ anyigba dzie emedɔwɔnaawo le edzi yim le, ale be wòaɖe vi na ame siwo katã le gbɔgbɔmeparadisoa me.

9. (a) Ame kawoe le ŋgɔ xɔm le anyigba ma dzi egbea? (b) Nu kae Yesu awɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

9 Ame kawoe le ŋgɔ xɔm le anyigba ma dzi? Le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, woyɔ ame si nɔ ŋgɔ xɔm le dua me la be “amegã la.” (Eze. 45:7) Enye dzikpɔla le ameawo dome, gake menye nunɔla loo alo Lewitɔ o. Amegã sia nana míeɖoa ŋku dzikpɔla siwo le hameawo me egbea siwo wometsɔ gbɔgbɔ si ami na o la dzi. Gbɔgbɔme alẽkplɔla siwo tso ‘alẽ bubuawo’ dome, siwo léa be na ame la nye Mawu subɔla siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe Kristo ƒe dziƒodziɖuɖu te. (Yoh. 10:16) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si le ŋgɔ gbɔna me la, Yesu atia hamemetsitsi alo ‘amegã’ siwo dze eye wòatsɔ wo aɖo dɔwo nu le “anyigba blibo la dzi.” (Ps. 45:16) Le Dziƒofiaɖuƒea ƒe mɔfiafia te la, woakpɔ Mawu ƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.

“Yehowa Le Afi Ma”

10. Dua ƒe ŋkɔ ɖe, eye kakaɖedzi kae esia naa ame?

10 Xlẽ Ezekiel 48:35. Dua ƒe ŋkɔe nye “Yehowa Le Afi Ma.” Ŋkɔ sia naa kakaɖedzi ame be Yehowa li kple du sia. Esi Yehowa na Ezekiel kpɔ du sia si le anyigbaa titina la, eto esia dzi le gbɔgblɔm na aboyomeawo be: ‘Maganɔ kpli mi ake!’ Nya sia de dzi ƒo na ame ŋutɔ!

11. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe ŋutega si ku ɖe dua kple eƒe ŋkɔ si ŋu gɔmesese tɔxɛ le la me?

11 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe ŋutegaa ƒe akpa sia me? Ŋkɔ si le kpɔɖeŋudu si me nuwo le ɖoɖo nyui nu le ŋu la nana mí Mawu subɔla siwo li egbea míekana ɖe edzi be Yehowa li kple esubɔla siwo le anyigba dzi egbea, eye wòayi edzi anɔ kpli wo. Ŋkɔ sia si ŋu gɔmesese le la gatea gbe ɖe nyateƒenya vevi aɖe dzi na mí be: Menye ɖe wotso dua be wòana amewo nakpɔ ŋusẽ o, ke boŋ be wòana woawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo me lɔlɔ̃ le la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa mena ŋusẽ ame siwo le ŋgɔ xɔm la be woama anyigbaa abe ale si amegbetɔ dzrowo abui ene o. Ke boŋ Yehowa di be ame siwo le ŋgɔ xɔm la nade bubu ale si ye ŋutɔ yena woma anyigbaa alo mɔnukpɔkpɔ si yena ye subɔla siwo dome ‘ame dahewo’ hã le la ŋu.—Lod. 19:17; Eze. 46:18; 48:29.

12. (a) Nu kae ɖe dzesi le du sia ŋu, eye nu kae esia fia? (b) Nu vevi ka dzie ŋutegaa ƒe akpa sia ɖoa ŋkui na Kristotɔ siwo nye dzikpɔlawo?

12 Nu kae gaɖe dzesi le du si wotsɔ ŋkɔ na be “Yehowa Le Afi Ma” la ŋu? Le blema la, wotɔa kpɔ siwo nu agbo ʋɛ aɖewo nɔna be wòakpɔ dua ta, gake agbo 12 sɔŋ ye le du sia ɖeɖe ŋu! (Eze. 48:30-34) Esi agboawo sɔ gbɔ (etɔ̃ le dzogoe eneawo ƒe akpa sia akpa) le dua ŋu ta la, efia be Mawu subɔlawo katã ate ŋu ate ɖe ame siwo xɔa ŋgɔ le dua me la ŋu bɔbɔe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, agbo 12 siwo le dua ŋu la te gbe ɖe edzi be ame sia ame, “Israel ƒe aƒe blibo la” ate ŋu ate ɖe ame siwo xɔa ŋgɔ la ŋu. (Eze. 45:6) Ale si dua ƒe agbowo sɔ gbɔe la ɖoa ŋku nu vevi aɖe dzi na Kristotɔ dzikpɔlawo. Yehowa di be woanye ame siwo ŋu ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me la nate ŋu ate ɖo aɖo dze kpli wo.

Ele be Kristotɔ dzikpɔlawo nanye ame siwo ŋu woate ŋu ate ɖo bɔbɔe (Kpɔ Memama 12)

Mawu Ƒe Amewo Va ‘Dea Ta Agu’ Eye ‘Wowɔa Dɔ Na Dua’

13. Nya kae Yehowa gblɔ tso dɔ vovovo siwo amewo awɔ la ŋu?

13 Na míagatrɔ ayi Ezekiel ƒe ŋkekea me ne míagalé ŋku ɖe nu bubu siwo ŋu wòƒo nu tsoe tsitotsitso la ŋu le ŋutega si wòkpɔ ku ɖe ale si woma anyigbae ŋu la me. Yehowa ƒo nu tso ame siwo nɔ dɔ vovovowo wɔm la ŋu. Nunɔlawo, ame siwo “wɔa subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la,” ƒe dɔwoe nye be woasa vɔwo eye woate ɖe Yehowa ŋu awɔ subɔsubɔdɔwo nɛ. Eye Lewi viwo, ame siwo “subɔna le gbedoxɔa me la,” “awɔ subɔsubɔdɔwo katã kple nu siwo katã wòle be woawɔ le eme la.” (Eze. 44:14-16; 45:4, 5) Azɔ hã, dɔwɔlawo anɔ dɔ dzi le teƒe si te ɖe dua ŋu. Ame kawoe nye dɔwɔla siawo?

14. Nu ka dzie ame siwo le dɔa wɔm le teƒe si te ɖe dua ŋu la ɖoa ŋkui na mí?

14 Ame siwo le dɔa wɔm le teƒe si te ɖe dua ŋu la tso “Israel-toawo katã me.” Wowɔa akpa vevi aɖe. Woƒe dɔe nye be woade agble si anye “nuɖuɖu na ame siwo le dɔ wɔm na dua.” (Eze. 48:18, 19) Ðe esia nana nèɖoa ŋku mɔnukpɔkpɔ aɖe si su mía si egbea dzia? Ɛ̃. Egbea, mɔnukpɔkpɔ su mí ame siwo katã le gbɔgbɔmeparadisoa me la si be míakpe asi ɖe dɔ si wɔm Kristotɔ amesiaminawo kple esi wɔm “ameha gã” la me tɔ siwo Yehowa ɖo be woaxɔ ŋgɔ la ŋu. (Nyaɖ. 7:9, 10) Mɔ vevi aɖe si dzi míetona wɔa esiae nye be míawɔ ɖe mɔfiame siwo tsoa kluvi nuteƒewɔlaa gbɔ la dzi.

15, 16. (a) Nu bubu ka ŋue Ezekiel ƒo nu tsoe tsitotsito le ŋutegaa me si me míate ŋu asrɔ̃ nu tsoe? (b) Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si be míawɔ dɔ siwo sɔ kple esiwo wowɔ le ŋutegaa me?

15 Ezekiel ƒe ŋutegaa gaƒo nu tso nu vevi bubu aɖe ŋu tsitotsito si me míate ŋu asrɔ̃ nane le azã le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Nu kae wònye? Yehowa gblɔ be ame siwo tso to 12-awo me siwo menye Lewi viwo o la, asubɔ le teƒe eve aɖewo siwo nye: gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu kple dua ƒe lãnyiƒe. Dɔ kae woawɔ le teƒe eveawo dometɔ ɖe sia ɖe? Toawo katã va saa vɔwo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu eye wotoa esia dzi ‘dea ta agu’ na Yehowa. (Eze. 46:9, 24) Toawo me tɔwo katã va kpea asi ɖe eŋu be woade agble ɖe dua ƒe anyigba dzi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso dɔwɔla siawo gbɔ?

16 Mɔnukpɔkpɔ su ameha gã la me tɔwo si egbea be woawɔ dɔ siwo sɔ kple esiwo wowɔ le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me. Wosaa kafukafuvɔwo na Yehowa “le eƒe gbedoxɔ la me” eye wotoa esia dzi dea ta agu nɛ. (Nyaɖ. 7:9-15) Wowɔa esia ne woɖe gbeƒã, eye woɖo nya ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me tsɔ ʋu woƒe xɔse me. Wobua mɔ sia si dzi wotona dea ta agu na Yehowa la be enye yewoƒe dɔdeasi vevitɔ. (1 Kron. 16:29) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe te ŋu kpea asi ɖe eƒe habɔbɔa ŋu le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, wokpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu ŋu, eye wogakpea asi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe xɔtudɔ bubu siwo wode tò me hã ŋu. Ame bubuwo dzɔa ga tsɔ kpea asi ɖe dɔ siawo ŋu. Wowɔa dɔ siawo katã siwo le abe agbledede ɖe anyigbaa dzi ene le kpɔɖeŋumɔ nu “hena Mawu ƒe kafukafu.” (1 Kor. 10:31) Wowɔa woƒe dɔwo kutrikukutɔe kple dzidzɔ elabe wonyae be ‘nenem vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ.’ (Heb. 13:16) Ðe nèle mɔnukpɔkpɔ siawo ŋu dɔ wɔm nyuiea?

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Ezekiel ɖɔ dɔ siwo wowɔna le dua ƒe agbowo nu kple teƒe siwo te ɖe dua ŋu la me? (Kpɔ Memama 14-16)

“Míele Dziƒo Yeye Kple Anyigba Yeye . . . Lalam”

17. (a) Mɔ si lolo wu ka nue ŋutega si Ezekiel kpɔ la ava eme le le etsɔme? (b) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ame kawo ƒe nuhiahiãwo gbɔe woakpɔ?

17 Ðe míakpɔ nudzɔdzɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la me vava le mɔ si lolo wu nu le etsɔmea? Ɛ̃! Bu nya sia ŋu kpɔ: Ezekiel kpɔ be anyigba la ƒe akpa si woyɔ be “adzɔ kɔkɔe” la le anyigba la titina. (Eze. 48:10) Le mɔ sia ke nu la, anyigba la ƒe akpa ka kee míeɖale le Armagedon-ʋaa megbe o, Yehowa anɔ mía dome. (Nyaɖ. 21:3) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, kpɔɖeŋudu si me wowɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuie le la anɔ anyi. Du sia le tsitre ɖi na ame siwo woatia le anyigba dzi be woakpɔ Mawu ƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Woafia mɔ ame siwo le anyigba bliboa dzi, siwo nye “anyigba yeye” la, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo la lɔlɔ̃tɔe.—2 Pet. 3:13.

18. (a) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be kpɔɖeŋudu si me wowɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuie le la abɔbɔ bliboe ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te? (b) Kakaɖedzi blibo kae ŋkɔ si wotsɔ na dua naa mí?

18 Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be kpɔɖeŋudu si me wowɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuie le la abɔbɔ bliboe ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te? Elabena Mawu ƒe Nyaa na eme kɔ be du si le anyigba dzi si ŋu agbo 12 le la, ɖi dziƒodu si ŋu agbo 12 le, si nye Yerusalem Yeye si me Kristo ƒe hatidziɖula ame 144,000-awo le. (Nyaɖ. 21:2, 12, 21-27) Esia na míekpɔe be ame siwo axɔ ŋgɔ le anyigba dzi la, awɔ ɖe mɔfiame siwo katã Mawu Fiaɖuƒe, si le dziƒo ana la dzi. Ɛ̃, ŋkɔ si wotsɔ na dua be “Yehowa Le Afi Ma” la na mía dometɔ ɖe sia ɖe ka ɖe edzi be tadedeagu dzadzɛa anɔ anyi tegbee le Paradisoa me, eye wòanɔ nyonyom ɖe edzi. Etsɔme nyui aɖee le mía ŋgɔ nyateƒe!