Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 1B

Ezekiel Ƒe Agbalẽa Me Nya Veviwo

Ezekiel Ƒe Agbalẽa Me Nya Veviwo

Le nyateƒe me la, míate ŋu ama Ezekiel ƒe agbalẽa ɖe akpa siwo gbɔna me:

TA 1 VA SE ÐE 3

Le ƒe 613 D.Y., esime Ezekiel nɔ Yudatɔ siwo woɖe aboyoe yi Babilon dome la, ekpɔ ŋutega siwo tso Yehowa gbɔ eye wode dɔ asi nɛ be wòagblɔ nya ɖi ɖe Yudatɔ siwo le Kebar-tɔsisia to la ŋu.

TA 4 VA SE ÐE 24

Tso ƒe 613 va ɖo ƒe 609 D.Y. la, Ezekiel gblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi siwo nye nyagblɔɖiwo koŋ ɖe Yerusalem kple emenɔla siwo nye aglãdzelawo kple trɔ̃subɔlawo la ŋu.

TA 25 VA SE ÐE 32

Le ƒe 609 D.Y., ƒe gɔmedzedze si nye ƒe si me Babilontɔwo va ɖe to ɖe Yerusalem zi mamlɛa la, Ezekiel ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia megayi na Yerusalem o, ke boŋ eyi na dukɔ siwo ƒo xlã Yerusalem siwo nye woƒe futɔwo—dukɔ mawoe nye Amon, Edom, Egipte, Moab, Filistia, Sidon kple Tiro.

TA 33 VA SE ÐE 48

Tso ƒe 606 D.Y., esime Yerusalem kple gbedoxɔa, si le adzɔge kilometa gbogbo aɖewo zu glikpo azɔ la, Ezekiel trɔ susu ɖe gbedeasi si ana mɔkpɔkpɔ amewo la ŋu—eyae nye ale si woagbugbɔ Yehowa Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛ wɔnukua aɖo anyi.

Ne míagblɔe la, woɖo Ezekiel ƒe agbalẽa ɖe ɖoɖo si nu nudzɔdzɔawo le nu, eye nyatiawo hã le ɖoɖo nu. Woƒo nu tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yerusalem kple gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ ŋu hafi va ƒo nu tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa gbugbɔɖoanyi ƒe akpa gãtɔ ŋu. Susu le eme, elabe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ale si woagbugbɔ aɖɔ nuwo ɖo ŋu na wòdze ƒãa do ŋgɔ be tadedeagu le gbedoxɔa me tɔ te.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi Ezekiel gblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi siwo ku ɖe Yerusalem ŋu vɔ la, egblɔ nya ɖi ɖe dukɔ siwo ƒo xlã Yerusalem siwo nye woƒe futɔwo la ŋu (ta 25 va se ɖe 32), eyome etsɔ nyagblɔɖi siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa gbugbɔɖoanyi ŋu ƒo etae. Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso Ezekiel ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi siwo wògblɔ na dukɔwo ŋu be: “Wonye nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso Mawu ƒe dziku si wòdo kple ale si wòkpɔ nublanui na eƒe amewo la ŋu, elabena to si Mawu he na ame siwo nye eƒe amewo ƒe futɔwo la na eƒe amewo va kpɔ ablɔɖe.”

Trɔ yi ta 1, memama 18