Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 2A

Ale Si Míase Ezekiel Ƒe Nyagblɔɖiawo Gɔme

Ale Si Míase Ezekiel Ƒe Nyagblɔɖiawo Gɔme

NU SI WÒFIA—NU KAE NYE NYAGBLƆÐI?

Le Biblia me la, Hebrigbe me dɔwɔnya na·vaʼʹ, si gɔme woɖe be “nyagblɔɖi” la fia be woagblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ, ʋɔnudɔdrɔ̃, agbe nyui nɔnɔ ŋuti nufiafia, alo sedede siwo tso Mawu gbɔ. Agate ŋu afia be woagblɔ nane si Mawu gblɔ be ava dzɔ la. Nu siawo katã dze le nyagblɔɖi siwo Mawu ɖe fia Ezekiel la me.—Eze. 3:10, 11; 11:4-8; 14:6, 7; 37:9, 10; 38:1-4.

MƆ SIWO DZI WOTO TSƆ NYAGBLƆÐIAWO NA

  • ŊUTEGA

  • KPƆÐEŊUWO

  • WƆWƆFIAWO

Nu siwo dze le Ezekiel ƒe agbalẽa me nye ŋutegawo, kpɔɖeŋuwo, lododowo kple nyagblɔɖiawo me vava ŋuti wɔwɔfiawo.

ALE SI WOVA EMEE

Nyagblɔɖi siwo ŋu Ezekiel ƒo nu tsoe la va eme wu zi ɖeka ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso nuwo gbugbɔgaɖɔɖo ŋu la va eme le mɔ sue aɖe nu esime Mawu ƒe amewo trɔ va Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake abe ale si míedzro eme le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me ene la, nuwo gbugbɔgaɖɔɖo ƒe nyagblɔɖi mawo dometɔ geɖe le eme vam egbea, eye woagava eme le etsɔme.

Tsã la, míeyɔa nanewo siwo dze le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me be kpɔɖeŋua, eye míeyɔa nu si kpɔɖeŋua tsi tre ɖi na la be nua ŋutɔŋutɔ. Le agbalẽ sia me la, womegblɔ tso ame, nane, teƒe, alo nudzɔdzɔ aɖeke ŋu be enye kpɔɖeŋu si le tsitre ɖi na nane o, negbe ɖe kpeɖodzi aɖe ŋutɔŋutɔ dze le Ŋɔŋlɔawo me ko hafi. * Ke boŋ agbalẽa aƒo nu tso ale si Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo dometɔ geɖe ava eme le mɔ si lolo wu nu la ŋu. Agbalẽa adzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe gbedeasia me, nu siwo míasrɔ̃ tso amewo, teƒe kple nudzɔdzɔ siwo ŋu wòƒo nu tsoe la me.

^ mm. 12 Ne èdi be yeagase nu geɖe tso kpɔɖeŋuawo kple nua ŋutɔŋutɔ ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, March 15, 2015 axa 5-7, mm. 7-12; kple “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le eƒe axa 15-16.