Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 10B

“Ƒu Ƒuƒuwo” Kple “Ðasefo Eveawo”—Aleke Nya Eve Siawo Do Ƒomee?

“Ƒu Ƒuƒuwo” Kple “Ðasefo Eveawo”—Aleke Nya Eve Siawo Do Ƒomee?

LE ƑE 1919 me la, nyagblɔɖi eve aɖewo siwo do ƒome la va eme. Gbãtɔ ku ɖe “ƒu ƒuƒuwo” ŋu, eye evelia ku ɖe “ɖasefo eveawo” ŋu. Nyagblɔɖi si ƒo nu tso “ƒu ƒuƒuwo” ŋu la ku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe ŋu (si va xɔ ƒe gbogbowo) eye ewu enu esi wogbɔ agbe Mawu ƒe ame gbogbo aɖewo. (Eze. 37:2-4; Nyaɖ. 11:1-3, 7-13) Nyagblɔɖi si ƒo nu tso “ɖasefo eveawo” ŋu la ku ɖe ɣeyiɣi kpui aɖe ŋu (esia va eme tso ƒe 1914 ƒe nuwuwu lɔƒo va ɖo ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze) eye ewu enu esi wogbɔ agbe Mawu subɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe. Nyagblɔɖi evea siaa fia tsitretsitsi le kpɔɖeŋumɔ nu, eye nyagblɔɖi eveawo va eme le míaƒe ŋkekea me le ƒe 1919 me esi Yehowa na esubɔla amesiaminawo ‘tso ɖe woƒe afɔwo dzi,’ do le Babilon Gã la ƒe aboyo me, eye woƒo wo nu ƒu ɖe hame si wogaɖo te la me.—Eze. 37:10.

Gake de dzesii be ale si nyagblɔɖi eve siawo va emee la to vovo le mɔ vevi aɖe nu. Nyagblɔɖi si ku ɖe “ƒu ƒuƒuwo” ŋu la ɖee fia be amesiamina susɔeawo katã agbɔ agbe. Gake nyagblɔɖi si ku ɖe “ɖasefo eveawo” ŋu la ɖee fia be Mawu ƒe amesiamina susɔeawo dometɔ aɖewo agbɔ agbe—woawoe nye ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le habɔbɔa me eye woɖo wo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.”—Mat. 24:45; Nyaɖ. 11:6. *

“Ƒuwo Yɔ Bali La Me Fũu”​—Eze. 37:1

  1. ƑE 100 K.Ŋ. MEGBE

    Tso ƒe alafa evelia K.Ŋ. esi wowu Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea le kpɔɖeŋumɔ nu la, “ƒuwo yɔ bali la me fũu”

  2. ƑE 1919 ƑE GƆMEDZEDZE LƆƑO

    1919: “Ƒu ƒuƒuwo” gbɔ agbe esi Yehowa na amesiaminawo katã do go le Babilon Gã la me eye wòƒo wo nu ƒu ɖe hame si wogaɖo te la me

“Ðasefo Eveawo”​—Nyaɖ. 11:3

  1. ƑE 1914 ƑE NUWUWU LƆƑO

    wonɔ “akpanya” me ɖe gbeƒã

    1914: “Ðasefo eveawo” nɔ “akpanya” me ɖe gbeƒã ƒe etɔ̃ kple afã. Esi ɣeyiɣi ma wu enu la, wowu wo le kpɔɖeŋumɔ nu

  2. woku le kpɔɖeŋumɔ nu

  3. ƑE 1919 ƑE GƆMEDZEDZE LƆƑO

    1919: “Ðasefo eveawo” gbɔ agbe esime woɖo nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue siwo nɔ ŋgɔ xɔm le habɔbɔa me la be wòanye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela”

^ mm. 4 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le March 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me.