Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 10D

Nu Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míagatso Ðe Míaƒe Afɔwo Dzi

Nu Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míagatso Ðe Míaƒe Afɔwo Dzi

NE MÍEDE ŋugble tso nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi si le Ezekiel 37:1-14 ŋu la míasrɔ̃ nane godoo si ado ŋusẽ mí, nɔnɔme ka ke mee míeɖale o. Nu kae míasrɔ̃?

Ɣeaɖewoɣi la, nuteɖeamedzi kple dodokpɔwo wua tsɔtsɔ na mí si nana nu tea mía ŋu le Yehowa subɔsubɔ me. Ke hã le ɣeyiɣi mawo me la, ne míede ŋugble le ŋutega si Ezekiel kpɔ ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu la, ado ŋusẽ mí. Le mɔ ka nu? Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso nyagblɔɖi sia me be, Mawu si ŋu ŋusẽ le wògbɔ agbe ƒu kukuwo la, ate ŋu ado ŋusẽ mí be míaɖu kuxiwo dzi—esiwo adze na amegbetɔwo be naneke manya wɔ le wo ŋu o gɔ̃ hã.—Xlẽ Psalmo 18:29; Flp. 4:13.

Ele be míaɖo ŋku edzi be ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Ezekiel ŋɔli la, nyagblɔɖila Mose gblɔ be menye ɖeko ŋusẽ le Yehowa si o, ke edi vevie hã be yeazã yeƒe ŋusẽa atsɔ akpe ɖe yeƒe amewo ŋu. Mose ŋlɔ bena: “Sitsoƒee Mawu nye tso blema ke, eƒe alɔ mavɔwo le tewò.” (5 Mose 33:27) Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi be ne míetrɔ ɖe Mawu ŋu le xaxaɣiwo la, Yehowa atsɔ eƒe alɔwo ade mía te lɔlɔ̃tɔe, akɔ mí ɖɔɖɔɖɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míagatso ɖe míaƒe afɔwo dzi.—Eze. 37:10.