Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 15A

Nɔvinyɔnu Siwo Nye Gbolowo

Nɔvinyɔnu Siwo Nye Gbolowo

Le Ezekiel ta 23 lia me la, wobu fɔ Mawu ƒe amewo vevie ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta. Ta sia kple ta 16 lia me nyawo sɔ le mɔ geɖe nu. Abe ta 16 lia ke ene la, ta 23 lia hã ƒo nu tso kpɔɖeŋu gbolowɔwɔ ŋu. Wogblɔ be Yerusalem ye nye nyɔnuvi ɖevitɔ, eye Samaria ye nye nyɔnuvi tsitsitɔ. Ta evea siaa ɖee fia be nyɔnuvi ɖevitɔa dze tsitsitɔ yome wɔ gbolo gake ɖevitɔa ƒe vɔɖivɔ̃ɖi kple gbolowɔwɔa gbɔ nɔvianyɔnu tsitsitɔ tɔ ŋu. Yehowa tsɔ ŋkɔ na nyɔnuvi eveawo le ta 23 lia me. Eyɔ nyɔnuvi tsitsitɔ, si nye Samaria, Israel to ewo fiaɖuƒea ƒe fiadu la be Ohola; eye wòyɔ nyɔnuvi ɖevitɔ, si nye Yerusalem, Yuda ƒe fiadu la be Oholiba. *Eze. 23:1-4.

Nu bubuwo gaɖi wo nɔewo le ta eve siawo me. Ðewohĩ esiwo ɖe dzesi wue nye esiawo: Tsãa, Yehowa srɔ̃woe wonye, gake womeva wɔ nuteƒe nɛ o, eye wova zu gbolowo. Azɔ hã wodo mɔkpɔkpɔ ƒe ŋugbe na wo. Ðeɖekpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le ta 23 lia me la mesɔ gbɔ de esi ŋu woƒo nu tsoe le ta 16 lia me tɔ nu o, gake emenyawo sɔ kple ta 16 lia me nyawo esi Yehowa gblɔ be: “Matsi wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ” nu.—Eze. 16:16, 20, 21, 37, 38, 41, 42; 23:4, 11, 22, 23, 27, 37.

Ðe Wole Tsitre Ði Na Kristodukɔa?

Tsã la, míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me be nɔvinyɔnu eve siwo nye Ohola kple Oholiba nye nyagblɔɖi siwo le tsitre ɖi na Kristodukɔa, vevietɔ eƒe akpa vevi eve siwo nye Katoliko kple Protestant hawo. Ke hã esi míedo gbe ɖa vevie, ku nu me la, míeva kpɔe be biabia aɖewo fɔ ɖe te. Ðe Kristodukɔa nye Yehowa srɔ̃ le mɔ aɖe nu kpɔa? Ðe wòbla nu kplii kpɔa? Ao. Kristodukɔa menɔ anyi esi Yesu va zu “nubabla yeye” la ƒe domenɔla le Mawu kple gbɔgbɔ me Israel dome o; eye Kristodukɔa menye Kristotɔ amesiaminawo ƒe gbɔgbɔmedukɔa ƒe akpa aɖeke kpɔ o. (Yer. 31:31; Luka 22:20) Apostoloawo ƒe ku megbe kurae Kristodukɔa va do. Eva do le ƒe alafa enelia K.Ŋ., abe xɔsegbela si nye habɔbɔ gblẽku si nye “gbe vɔ̃ɖiawo”—alakpa Kristotɔ—siwo ŋu nya Yesu gblɔ ɖi le lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ƒe nyagblɔɖia me ene.—Mat. 13:24-30.

Vovototo ɖedzesi bubue nye esi: Yehowa do ŋugbe na Yerusalem kple Samaria mawɔnuteƒeawo be yeaxɔ na wo. (Eze. 16:41, 42, 53-55) Ðe Biblia do ŋugbe sia tɔgbi na Kristodukɔa? Ao! Mɔkpɔkpɔ aɖeke mele esi o abe Babilon Gã la ƒe akpa susɔea ke ene.

Eya ta Ohola kple Oholiba menye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋuwo na Kristodukɔa o. Ke hã woƒe anyinɔnɔ na míekpɔ nane si le vevie wu, si nye: ale si Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo nɔa nu gbegblẽwo wɔm le eƒe ŋkɔ kɔkɔea me eye womewɔna ɖe dzidzenu siwo wòɖo le tadedeagu dzadzɛa ŋu dzi o la ŋu. Kristodukɔa koŋue ɖi fɔ le esia me elabena eƒe ha gbogboawo gblɔna be Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la teƒee yewole. Azɔ hã wogblɔna be Yehowa ŋutɔ ƒe Vi lɔlɔ̃a, Yesu Kristo ye nye yewo kplɔla. Gake wogagblɔna be Yesu nye mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe eye womewɔna ɖe se si wòde be woaganye “xexea ƒe akpa aɖeke o” la dzi o. (Yoh. 15:19) Esi Kristodukɔa ƒo eɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple dunyahehe me vĩi ta la, eɖee fia be yenye “gbolo gã” la ƒe akpa aɖe. (Nyaɖ. 17:1) Ðikeke mele eme o be mado le nu si adzɔ ɖe alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒoa dzi la me o!

^ mm. 3 Ŋkɔawo ɖe dzesi. Ohola gɔmee nye “Eƒe Agbadɔ [Si Me Wodea Ta Agu Le]” ɖewohĩ wozã ŋkɔ sia tsɔ he susu yi ale si Israel ŋutɔ ɖo tadeaguƒewo na eɖokui eye mezã Yehowa ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem o la dzi. Oholiba hã gɔmee nye “Nye Agbadɔ [Si Me Wodea Ta Agu Le