Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 16A

Ðe Kristodukɔa Nye Kpɔɖeŋu Na Yerusalem Dua?

Ðe Kristodukɔa Nye Kpɔɖeŋu Na Yerusalem Dua?

Tsã la, míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me be Kristodukɔa nye kpɔɖeŋu na Yerusalem si va gbe xɔse la. Nu siwo Yerusalem nɔla mawɔnuteƒewo nɔ wɔwɔm siwo ƒe ɖewoe nye trɔ̃subɔsubɔ kple nu fitifiti wɔwɔ si bɔ ɣemaɣi la ɖoa ŋku nu siwo le edzi yim le Kristodukɔa me la dzi na mí. Ke hã, le ŋkeke siawo me la, míaƒe agbalẽwo, siwo dome esi xlẽm nèle fifia hã le megaƒoa nu tso kpɔɖeŋuwo kple nu si kpɔɖeŋuawo le tsitre ɖi na la ŋu o, negbe ɖe míekpɔ kpeɖodzi sẽŋu aɖe le Biblia me hafi. Ðe kpeɖodzi sẽŋu aɖe le Ŋɔŋlɔawo me si dzi míanɔ te ɖo agblɔ be Kristodukɔa nye kpɔɖeŋu na Yerusalem dua? Ao.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Tsã la, Yerusalem nye teƒe si wotsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu le; emegbe dua me nɔlawo va zu xɔsegbelawo. Gake Kristodukɔa ya metsɔ tadedeagu dzadzɛ na Mawu kpɔ o. Tso esime Kristodukɔa va xɔ anyinɔ le ƒe alafa enelia K.Ŋ la, alakpanuwo koe wòfiana.

Azɔ hã, esi Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem megbe la, Yehowa gaɖo dua te eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu wògava zu teƒe si wotsɔa tadedeagu dzadzɛ nanɛ le. Ke hã, Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe Kristodukɔa ŋu ɣeaɖekeɣi kpɔ o, eye ne wotsrɔ̃e le xaxa gãa me la, magafɔ ɖe tsitre akpɔ o.

Le susu siawo ta la, aleke míaƒo nya tae? Ne míede ŋugble le Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme ɖe Yerusalem mawɔnuteƒea dzi ŋu la, míate ŋu agblɔ be, ‘Eya alo ekemɛ ɖoa ŋku nu siwo teƒe kpɔm míele le Kristodukɔa me egbea dzi na mí.’ Gake edze abe Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi aɖeke meli si dzi míanɔ te ɖo agblɔ be Kristodukɔa nye kpɔɖeŋu na Yerusalem o ene.