Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 21A

“Anyigba Si Miaɖe Wòanye Adzɔ La”

“Anyigba Si Miaɖe Wòanye Adzɔ La”

EZEKIEL 48:8

Na míakplɔ Ezekiel ɖo esi wòle ŋku lém ɖe anyigbaa ƒe akpa si Yehowa ɖe ɖe vovo la ŋu. Womae ɖe akpa atɔ̃ me. Akpa siawoe nye kawo? Eye nu kawoe woazã wo na?

A. ‘Anyigba Si Wodzɔ’

Woɖe akpa sia ɖi na dɔ siwo ayi edzi le dua me eye woyɔnɛ be ‘anyigba si wodzɔ.’

EZE. 48:8

B. ‘Teƒe Blibo Si Wodzɔ’

Wogblẽe ɖi na nunɔlawo, Lewi viwo kple du haho la. Azɔ hã, to 12-awo me tɔwo vaa teƒe sia va dea ta agu na Yehowa eye wokpea asi ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu.

EZE. 48:20

D. “Amegã La Ƒe Anyigba”

“Anyigba sia azu etɔ le Israel.” ‘Anye amegã la tɔ.’

EZE. 45:7, 8; 48:21, 22

Ð. ‘Adzɔ Kɔkɔea’

Akpa si le etame la nye ‘Lewi viwo tɔ.’ “Nu kɔkɔe wònye.” Akpa si le dome lae nye “adzɔ kɔkɔe na nunɔlawo.” “Afi mae woƒe aƒewo anɔ, eye afi mae anye teƒe kɔkɔe si gbedoxɔ la anɔ.”

EZE. 45:1-5; 48:9-14

E. “Teƒe Mamlɛa”

“Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ” eye ‘wòanye teƒe si tsi anyi na du haho la, be wòanye nɔƒe kple lãnyiƒe.’

EZE. 45:6; 48:15-19