Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

‘Ele be mianye nufialawo.’ (Heb. 5:12) Bu eŋu kpɔ ko! Yehowa—ame si nye Nufiala nyuitɔ kekeake le xexea me godoo la—le mía kpem be míafia nu amewo tso ye ŋu! Yehowa di tso mía si be míafia nu amewo tso ye ŋu le ƒomea me, le hamea me kple gbeƒãɖeɖedɔa me. Míebua mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su mía si be míafia nu amewo tso Yehowa ŋu la be enye mɔnukpɔkpɔ xɔasi kple agbanɔamedzi gã aɖe. Aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le esia me?

Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nya aɖe si apostolo Paulo ŋlɔ na Timoteo la me. Egblɔ nɛ be: “Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia.” Paulo gblɔ nɛ hã be: “Ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.” (1 Tim. 4:13, 16) Gbedeasi si xɔa ame ɖe agbe lae Mawu de asi na wò be nàgblɔ na amewo. Eya ta, ele vevie ŋutɔ be nàdze agbagba be wò nuxexlẽ kple nufiafia nanɔ nyonyom ɖe edzi. Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò le go sia me. Kpɔ emenu ɖedzesi aɖewo ɖa.

Mawunyakpukpui si dze le axa ɖe sia ɖe la me nyawo nye Biblia me gɔmeɖose alo mɔfiame vevi si ku ɖe nuƒoƒo ƒe nudidia ŋu loo, alo kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si wowɔ nuƒoƒo ƒe nudidia ŋu dɔe la fia

Yehowae nye “Nufiala Gãtɔ.” (Yes. 30:20) Togbɔ be agbalẽ gbadza sia akpe ɖe ŋuwò nàna wò nuxexlẽ kple nufiafia ƒe ŋutetewo nanyo ɖe edzi hã la, mègaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa gbɔe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la tso eye eyae hea amewo vɛ. (Yoh. 6:44) Eya ta, do gbe ɖa edziedzi nàbiae be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò. Zã Mawu ƒe Nya la ɣeawokatãɣi. Mègahe amewo ƒe susu va ɖokuiwò dzi gbeɖe o, ke boŋ he woƒe susu yi Yehowa dzi. Dze agbagba nàkpe ɖe wò nyaselawo ŋu woalɔ̃ Yehowa tso dzi me.

Yehowa kpe wò be nàfia nu amewo tso gbedeasi vevitɔ kekeake si yi na amegbetɔwo la ŋu. Míeka ɖe edzi be, ne èɖo ŋu ɖe “ŋusẽ si Mawu nana” ŋu la, àkpɔ dzidzedze godoo.—1 Pet. 4:11.

Wò hati nufialawo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha