Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 3

Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ

Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ

Mateo 16:13-16

NU SI NÀWƆ: Bia nyawo ŋuɖɔɖotɔe be wò nyaselawo nadi be yewoase wò nyawo eye woayi edzi aɖo to. Zã nyabiasewo nàtsɔ adzro nu me kple wò nyaselawo alo nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Na nyaselawo nadi be yewoase nyaa eye woayi edzi aɖo to. Bia nya siwo ŋu nyaselawo aɖo le susu me siwo ana woabu tame alo ana woanɔ mɔ kpɔm na ŋuɖoɖoa.

  • Zã nyabiasewo nàtsɔ adzro nya aɖe me. Wɔ nyabiase vovovo siwo ana wò nyaselawo nakplɔ numeɖeɖea ɖo eye wòakpe ɖe wo ŋu woaƒo nya ta nyuie la ŋu dɔ.

  • Te gbe ɖe nya veviawo dzi. Bia nya aɖe si nyaselawo adi vevie be yewoakpɔ ŋuɖoɖo na atsɔ ahe susu ayi nya vevi aɖe dzi. Ne èdzro nya vevi aɖe me vɔ alo nèle wò nyawo ta ƒom la, bia nya siwo ana nyaselawo naɖo ŋku susu veviawo dzi.