Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 5

Nuxexlẽ Nyuie

Nuxexlẽ Nyuie

1 Timoteo 4:13

NU SI NÀWƆ: Kɔ gbe dzi nàxlẽ nu si tututu le agbalẽa dzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Dzra ɖo nyuie. De dzesi nu si tae woŋlɔ nu si xlẽ ge nàla. Srɔ̃ ale si nàxlẽ nyawo le ƒuƒoƒo me tsɔ wu be nànɔ nyaawo yɔm ɖekaɖeka. Ðɔ ŋu ɖo be le wò nuxexlẽa me la, nàgayɔ nya siwo mele agbalẽa dzi o, nàgadzo kpo aflɔ nyawo o, alo nàyɔ nya bubu ɖe esi le agbalẽa dzi la teƒe o. Wɔ nuŋɔŋlɔmedzesiwo kple nyayɔyɔdzesiwo katã ŋu dɔ nyuie.

  • Yɔ nyawo woade pɛpɛpɛ. Ne mènya ale si nàyɔ nya aɖe nyuie o la, ƒo agbalẽa me nya siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi nàse, alo nàbia nuxlẽla bibi aɖe wòakpe ɖe ŋuwò.

  • Ƒo nu eme nakɔ. Fɔ ta dzi eye nàke nu nyuie esime nèle nua xlẽm. Dze agbagba nàyɔ nyawo woado nyuie, ke menye be nàmi nyawo o.