Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 12

Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu

Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu

1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8

NU SI NÀWƆ: Ƒo nu kple seselelãme si tso dzi me, eye nàna wò nyaselawo nakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo.

ALE SI NÀWƆE:

  • Bu wò nyaselawo ŋu. Bu kuxi siwo me tom wò nyaselawo le ŋu nàtsɔ adzra wò dzi ɖo. Kpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme si me wole me be nànya ale si wole sesem le wo ɖokuiwo me.

  • Tia wò nyawo nyuie. Ðoe be nàna wò nyaselawo ƒe dzi nadze eme, nàfa akɔ na wo ahade dzo yeye wo me. Ƒo asa na nyagbɔgblɔ siwo aɖia wo nu dzodzro, eye mègada ame siwo menye haxɔsetɔwo o alo woƒe dzixɔse siwo le vevie na wo la ɖe anyi o.

  • Ðee fia be yetsɔ ɖe le eme. Ƒo nu na wò nyaselawo veveseɖeamenutɔe eye wò asiwɔwɔ ɖe nya dzi hã naɖee afia be ètsɔ ɖe le eme na wo. Ale si nàɖo moe hã le vevie; nɔ alɔgbɔnu kom edziedzi.