Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 15

Ƒo Nu Kple Kakaɖedzi

Ƒo Nu Kple Kakaɖedzi

1 Tesalonikatɔwo 1:5

NU SI NÀWƆ: Ðee fia be yeka ɖe edzi bliboe be nya si gblɔm yele la nye nyateƒe eye ele vevie.

ALE SI NÀWƆE:

  • Dzra ɖo nyuie. Srɔ̃ wò nyatia va se ɖe esime nèse susu veviawo gɔme hekpɔ ale si Biblia ɖo kpe edzi be wonye nyateƒe. Dze agbagba nàgblɔ wò dɔdeasia me nya veviawo le nya ʋɛ aɖewo ko me wo gɔme nanya se bɔbɔe. Wò susu nenɔ ale si woaɖe vi na wò nyaselawoe ŋu. Do gbe ɖa na Mawu be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò.

  • Zã nya siwo ɖea kakaɖedzi fiana. Mègagbugbɔ agbalẽ me nyawo gblɔ dzro ko o, ke boŋ gblɔ nyawo le wò ŋutɔ wò nyagbewo me. Zã nya siwo aɖee afia be èka ɖe nya si gblɔm nèle dzi.

  • Ƒo nu moveviɖoɖotɔe tso dzi me. Kɔ gbe dzi nyuie nàƒo nu. Nɔ wò nyaselawo ŋkume kpɔm, ne esia wɔwɔ maɖia ame nu le mia gbɔ o.