Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 17

Egɔme Nanya Se Na Amewo

Egɔme Nanya Se Na Amewo

1 Korintotɔwo 14:9

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woase wò gbedeasia gɔme.

ALE SI NÀWƆE:

  • Srɔ̃ wò nyatia nyuie. Srɔ̃ wò nyatia nàse egɔme nyuie ale be nàte ŋu aɖe eme bɔbɔe le wò ŋutɔ wò nyagbewo me.

  • Zã nyagbe kpuiwo kple nya siwo gɔme woase bɔbɔe. Togbɔ be megblẽ be nàzã nyagbe alo nyafɔkpe didiwo o hã la, zã nyagbe kpuiwo nàtsɔ aɖe nya veviwo me.

  • Ðe nya siwo gɔme amewo katã mase o la me. Ðe nya siwo gɔme ame geɖe mase o la zazã dzi kpɔtɔ. Ne èyɔ nane si gɔme ame geɖe mase o, le kpɔɖeŋu me, ame aɖe si ŋu Biblia ƒo nu tsoe, alo nuwo ƒe dzidzewo le blema, alo dekɔnu aɖe la, ɖe eme.