Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 02

Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe

Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe

Le xexea me godoo la, amewo le nɔnɔme sesẽwo me tom, eye esia wɔnɛ be woléa blanui, wotsia dzimaɖi, eye wosea veve gɔ̃ hã. Ðe nane dzɔ ɖe dziwò si na nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ðewohĩ, lãmesẽkuxi aɖe na nèle fu kpem alo èle nu xam le wò ame vevi aɖe ƒe ku ta. Esia ate ŋu ana nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe nuwo ava ka ɖe eme gbe ɖeka?’ Ale si Biblia ɖo nya sia ŋu la faa akɔ na ame ŋutɔ.

1. Aleke Biblia naa mɔkpɔkpɔ mí?

Biblia ɖe nu si tae míele kuxi geɖewo me tom la me. Azɔ hã, ena míenya nya nyui si nye be kuxi mawo katã nu ayi kpuie. Nya siwo Biblia gblɔ la ate ŋu ana míakpɔe be “mɔkpɔkpɔ” nyui aɖe li na mí eye ‘etsɔme anyo na mí.’ (Xlẽ Yeremiya 29:11, 12.) Nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu la kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi ne míele fu kpem, wonana míekpɔa dzidzɔ fifia gɔ̃ hã; azɔ hã, wonana míekana ɖe edzi be míava kpɔ dzidzɔ tegbee.

2. Aleke Biblia gblɔ be etsɔme ava nɔ na mí?

Biblia gblɔ be ɣeyiɣi aɖe ava esime “ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.” (Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.) Kuxi siwo tea ŋu wɔnɛ be mɔkpɔkpɔ buna ɖe amewo egbea—abe ahedada, nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo, dɔléle, kple ku ene—maganɔ anyi akpɔ o. Biblia na míenya be amegbetɔwo ava nɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le Paradiso me le anyigba dzi.

3. Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be nu nyui siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu la ava eme?

Ame geɖe kpɔa mɔ na nu nyuiwo, gake womate ŋu aka ɖe edzi bliboe be nu siwo yewole mɔ kpɔm na la ava eme o. Gake ŋugbedodo siwo le Biblia me ya ava eme godoo. Míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo mawo dzi ne ‘míedzroa Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito.’ (Dɔwɔwɔwo 17:11) Ne èyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, esia akpe ɖe ŋuwò be wò ŋutɔ nàkpɔe nenye be àte ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu la dzi.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Azɔ míadzro nu nyui siwo Biblia gblɔ tso míaƒe etsɔme ŋu la dometɔ aɖewo me. De dzesi ale si mɔkpɔkpɔ si Biblia na mí la le vi ɖem na amewo egbea.

4. Biblia na míenya be míate ŋu ava nɔ agbe tegbee le ɣeyiɣi si me fukpekpe alo kuxi aɖeke manɔ anyi o me

De dzesi Biblia me ŋugbedodo siwo gbɔna. Wo dometɔ kae do dzidzɔ na wò wu? Nu ka tae?

Mixlẽ mawunyakpukpui siwo kpe ɖe ŋugbedodoawo ŋu, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ðe nya siwo mawunyakpukpui siawo gblɔ la na nèkpɔe be etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ gbɔna? Ðe nèsusu be ne wò ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo nya nya siawo la, aɖe vi na woa?

Wò ya kpɔe ɖa le susu me be èle xexe aɖe si me

AME AÐEKE . . .

AME SIA AME . . .

  • mase veve, aku amegã alo nyagã, alo aku o.—Yesaya 25:8.

  • agakpɔ eƒe ame vevi siwo ku siwo wofɔ ɖe tsitre ɖe anyigba dzi la ake.—Yohanes 5:28, 29.

  • anɔ lãmesẽ me eye ɖekakpuimeŋusẽ anɔ eŋu ɖaa.—Hiob 33:25.

  • magaɖo ŋku eƒe vevesesewo alo dzigbãnyawo dzi o.—Yesaya 65:17.

  • anɔ agbe tegbee le nɔnɔme deamedziwo me. —Psalmo 37:29.

5. Ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe etsɔme ŋu nyanya ɖea vi

Dzi ɖena le ame geɖe ƒo alo wodoa dziku gɔ̃ hã le kuxi gbogbo siwo teƒe kpɔm wole ta. Ame aɖewo dzea agbagba ɖe sia ɖe si woate ŋui be yewoana nuwo naka ɖe eme. Kpɔ ale si ŋugbe si Biblia do be nuwo ava nyo wu le etsɔme la le vi ɖem na amewo egbeae ɖa. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu madzɔmadzɔ kae ɖe fu na Rafika?

  • Togbɔ be nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo teƒe wòkpɔ la nu meyi o hã, aleke Biblia kpe ɖe eŋu?

Ne míexɔ ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe etsɔme ŋu dzi se la, dzi maɖe le mía ƒo o eye míaƒe dzi adze eme, togbɔ be míele kuxiwo me tom hã. Mixlẽ Lododowo 17:22 kple Romatɔwo 12:12, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ne èxɔ nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu dzi se la, èsusu be aɖe vi na yea? Nu ka tae?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu la mate ŋu ava eme gbeɖe o.”

  • Nu ka tae nèsusu be ele vevie be wò ŋutɔ nàku nya sia me kpɔ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Biblia gblɔ nya geɖe tso ale si míava kpɔ dzidzɔ le etsɔme ŋu. Esia naa mɔkpɔkpɔ mí, eye ekpena ɖe mía ŋu be míedoa dzi ne míele fu kpem.

Numetoto

  • Nu ka tae wòhiã be amewo nanya nu tso etsɔme nyui si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu?

  • Aleke Biblia gblɔ be etsɔme ava nɔ?

  • Ne mɔkpɔkpɔ le asiwò be etsɔme nyui aɖe li gbɔna la, aleke esia ate ŋu aɖe vi na wò fifia?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Srɔ̃ nu geɖe tso ale si mɔkpɔkpɔ doa ŋusẽ ame ŋu.

“Mɔkpɔkpɔ—Viɖenu Ŋutɔŋutɔe Wònyea?” (Nyɔ!, May 8, 2004)

Xlẽ nu tso ale si mɔkpɔkpɔ ate ŋu akpe ɖe ame siwo dɔ mavɔleameŋu le fu ɖem na la ŋu.

“Tenɔnɔ Ðe Dɔ Mavɔleameŋu Nu—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?” (Nyati sia le jw.org)

Ne èle haƒoƒo ƒe video sia kpɔm la, kpɔe ɖa le susu me be wò kple wò ƒomea ye nye ema le dzidzɔ kpɔm le Paradiso si ŋugbe Biblia do la me.

Kpɔe Le Susu Me Ðaa (3:37)

Xlẽ nu tso ale si ŋutsu aɖe si nye gomenɔamesitaʋlila tsã la ƒe agbe trɔe esi wòva srɔ̃ nu tso mɔkpɔkpɔ nyui si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu.

“Nyemegasena Le Ðokuinye Me Be Ele Be Matrɔ Xexea Me O” (Gbetakpɔxɔ, July 1, 2013)