Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 05

Biblia Me Nyawo Nye Gbedeasi Tso Mawu Gbɔ Na Mí

Biblia Me Nyawo Nye Gbedeasi Tso Mawu Gbɔ Na Mí

Yehowa na nu nyui aɖe ŋutɔ mí—eyae nye Biblia. Enye agbalẽ 66 siwo wotsɔ ƒo ƒu ɖekae. Gake ɖewohĩ àbia be: ‘Aleke Biblia wɔ va ka mía si? Ame ka gbɔe wòtso?’ Be míaɖo nyabiase siawo ŋu la, na míakpɔ mɔ si dzi Mawu to na be eƒe nyawo va le Biblia me na mí.

1. Togbɔ be amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia hã la, nu ka tae míagblɔ be Mawu gbɔe wòtso?

Ame 40 aɖewoe ŋlɔ Biblia. Biblia ŋɔŋlɔ xɔ abe ƒe 1,600 ene. Esia dze egɔme tso ƒe 1513 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me eye wòwu enu le ƒe 98 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me lɔƒo. Ame siwo ŋlɔ Biblia la nye ame ƒomevi vovovowo; wo dometɔ aɖewo nye alẽkplɔlawo, tɔƒodelawo, kple fiawo. Togbɔ be ele alea hã la, woƒe nyawo metsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Mawu gbɔe Biblia me nyawo tso. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:13.) Ame siwo ŋlɔ Biblia la meŋlɔ woawo ŋutɔwo ƒe susuwo o. Ke boŋ, “gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo.” a (2 Petro 1:21) Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ ʋã amewo woŋlɔ eƒe susuwo ɖi.—2 Timoteo 3:16.

2. Ame kawoe Biblia ate ŋu aɖe vi na?

Nya nyui si le Biblia me la ate ŋu aɖe vi na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi.” (Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6.) Mawu kpɔ egbɔ be woɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe. Afi ka kee amewo ɖale le anyigba dzi o, gbe ka kee woɖadona o, ame sia ame kloe ate ŋu axlẽ Biblia alo ase gbedeasi si le eme.

3. Aleke Yehowa kpɔ Biblia tae?

Nu siwo dome tea ŋu gblẽna bɔbɔe, abe lãgbalẽ alo aƒlagbalẽ ene, dzie woŋlɔ Biblia me nyawo ɖo le blema. Gake esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ame siwo lɔ̃ Biblia la gbugbɔ ŋlɔa emenyawo kple asi beléletɔe. Togbɔ be dziɖulawo kple subɔsubɔhakplɔla aɖewo dze agbagba be yewoatsrɔ̃ Biblia ɖa keŋkeŋ hã la, ame aɖewo lɔ̃ faa tsɔ woƒe agbe de afɔku me be yewoakpɔ eta. Yehowa meɖe mɔ ame aɖeke alo naneke wɔe be eƒe Nyaa nagaka mía si o. Biblia gblɔ be: ‘Mía Mawu ƒe nya la nɔa anyi tegbee.’Yesaya 40:8.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míasrɔ̃ nu geɖe wu tso ale si Mawu zã eƒe gbɔgbɔa tsɔ ʋã amewo woŋlɔ Biblia, ale si wòkpɔ eta, kple ale si wòna be Biblia va su amegbetɔƒomea si la ŋu.

4. Biblia na míenya Ame si gbɔ emenyawo tso

Mikpɔ VIDEOA. Eyome miaxlẽ 2 Timoteo 3:16, eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Ne amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia la, ke nu ka tae woyɔe be Mawu ƒe Nya?

  • Ðe nèkpɔ be anya wɔ be Mawu naɖe eƒe susuwo agblɔ na amegbetɔwo eye woaŋlɔ wo ɖia?

Agbalẽŋlɔla ate ŋu aŋlɔ lɛta, gake ame si gblɔ nyawo nɛ wòŋlɔ la gbɔe gbedeasia tso. Le mɔ ma ke nu la, amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia me nyawo, gake Mawu gbɔe nya siwo woŋlɔ la tso

5. Amewo mete ŋu tsrɔ̃ Biblia o

Esi wònye be Mawu gbɔe Biblia tso ta la, ekpɔ egbɔ be egakpɔtɔ li va de asi na egbea. Tso blema ke la, ŋusẽtɔ aɖewo dze agbagba be yewoatsrɔ̃ Biblia ɖa keŋkeŋ. Subɔsubɔhakplɔlawo wɔ nu sia nu si woate ŋui be amewo nagakpɔ Biblia axlẽ o. Gake ame geɖe tsɔ woƒe agbe de afɔku me hekpɔ Biblia ta, togbɔ be wotsi tsitre ɖe wo ŋu eye wotsɔ ku do ŋɔdzi na wo gɔ̃ hã. Mikpɔ VIDEOA be miasrɔ̃ nu tso ame siawo dometɔ ɖeka ŋu, eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Esi nèva nya ale si amewo tsɔ woƒe agbe de afɔku me be yewoakpɔ Biblia ta la, ɖe esia na nègadi vevie wu be yeaxlẽ Biblia? Nu ka tae?

Mixlẽ Psalmo 119:97, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu kae ʋã ame geɖe be wotsɔ woƒe agbe de afɔku me be yewoaɖe Biblia gɔme ahana wòaka ame geɖe si?

6. Agbalẽ si nyo na ame sia ame

Biblia gɔmee woɖe ɖe gbe bubuwo me wu, eye eya kee nye agbalẽ si wona wòka amewo si wu bubu ɖe sia ɖe. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu ka tae Mawu di be woaɖe yeƒe Nyaa gɔme ɖe gbe geɖe me eye wòaka ame geɖe si?

  • Nu kae dzɔa dzi na wò le Biblia ŋu?

Anyigbadzinɔlawo

katã kloe

ate ŋu axlẽ Biblia alo ase

emenyawo le gbe aɖe si wose me

Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo

le gbe siwo wu

3,000

sɔŋ me

Wobu akɔnta be Biblia siwo wota la le

miliɔn akpe atɔ̃

esia sɔ gbɔ sãsãsã wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe si wota

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Agbalẽ xoxo aɖe si amegbetɔwo ŋlɔ la koe Biblia nye.”

  • Nu kae nye wò susu?

  • Nu kae ɖo kpe edzi be Mawu ƒe Nya ye Biblia nye?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Mawu ƒe Nyae Biblia nye, eye ekpɔ egbɔ be eli be amewo katã nate ŋu axlẽ alo ase emenyawo.

Numetoto

  • Míesrɔ̃e be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia. Nya sia gɔme ɖe?

  • Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò ku ɖe ale si Biblia dome megblẽ o, ale si woɖe egɔme ɖe gbe geɖe me kple ale si wòka ame geɖe si la ŋu?

  • Esi nèva nya nu si gbegbe Mawu wɔ be eƒe Nyaa naka asiwò la, aleke esia na nèse le ɖokuiwò me tso eyama ŋu?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso ale si wòdzɔe be Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽwo va zu Biblia ƒe tata siwo le mía si egbea ŋu.

“Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si” (Nyɔ! ƒe nyati)

Xlẽ nu tso ale si wòdzɔe be Biblia gakpɔtɔ li togbɔ be nu etɔ̃ aɖewo ate ŋu ana enu nayi keŋkeŋ hafi la ŋu.

“Biblia La—Nu Si Tae Enu Meyi O” (Gbetakpɔxɔ No. 4 2016)

Kpɔ ale si ame bubuwo hã tsɔ woƒe agbe de afɔku me be yewoaɖe Biblia gɔme la le video sia me.

Wode Asixɔxɔ Biblia Ŋu (14:26)

Amewo tsɔ asi gbugbɔ ŋlɔ Biblia zi gbɔ zi geɖe eye woɖe egɔme ɖe gbe geɖewo hã me. Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be Mawu ƒe gbedeasia metrɔ o?

“Ðe Wotrɔ Biblia Me Nyawoa?” (Nyati sia le jw.org)

a Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ ye gbɔgbɔ kɔkɔea nye, abe ale si míava kpɔe le Nusɔsrɔ̃ 07 lia me ene.