Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 09

Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli

Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli

Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be yehiã mɔfiame le agbe mea? Ðe biabia veviwo le asiwò siwo nàdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na? Ðe nèhiã na dzidzeme alo akɔfafa? Ðe nàdi be ye kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wua? Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go mawo katã me. Gake mɔ kae nye nyuitɔ si nu wòle be míado gbe ɖa le? Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã? Nu kae nàte ŋu awɔ be nàka ɖe edzi be Mawu aɖo to gbedodoɖawo? Na míakpɔe ɖa.

1. Ame kae wòle be míado gbe ɖa na, eye nu kawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le?

Yesu fia mí be mía Fofo si le dziƒo la ɖeɖe koe wòle be míado gbe ɖa na. Yesu ŋutɔ hã do gbe ɖa na Yehowa. Yesu gblɔ be: “Mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo . . . ’” (Mateo 6:9) Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa la, esia wɔnɛ be mía kplii dome gava nɔa kplikplikpli wu.

Míate ŋu ado gbe ɖa tso nya sia nya ŋu faa, ne enya wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ko. Ne míewɔe alea la, Yehowa aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yohanes 5:14) Yesu na míenya nu siwo ŋu wòsɔ be míado gbe ɖa le la dometɔ aɖewo. (Xlẽ Mateo 6:9-13.) Míate ŋu ado gbe ɖa tso míawo ŋutɔwo míaƒe nuhiahiãwo ŋu, gake ele be míaɖo ŋku edzi hã be míada akpe na Mawu ɖe nu nyui siwo wòwɔ na mí ta, eye míabiae be wòakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu.

2. Aleke wòle be míado gbe ɖae?

Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míatrɔ míaƒe dzi aƒo ɖe Mawu ŋkume.’ (Psalmo 62:8) Eya ta ne míele gbe dom ɖa la, míate ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo na Mawu faa. Ne míele gbe dom ɖa la, míate ŋu aƒo nu wòaɖi alo míado gbea ɖa le susu me, eye míate ŋu ado gbe ɖa le nɔnɔme ɖe sia ɖe si ɖea bubu fiana la me. Míate ŋu ado gbe ɖa le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, le teƒe ɖe sia ɖe.

3. Aleke Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

Ewɔa esia le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa na eƒe Nya, Biblia mí, eye míekpɔa biabia siwo le mía si la ƒe ŋuɖoɖowo le eme. Mawu ƒe Nyaa xexlẽ ate ŋu ‘ana ame makpɔnuteƒe nadze nunya.’ (Psalmo 19:7; xlẽ Yakobo 1:5.) Eye Yehowa ate ŋu ana míaƒe susu nadze akɔ anyi ne míele xaxawo me tom. Ate ŋu aʋã esubɔlawo hã be woakpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi siwo me míehiã kpekpeɖeŋu vevie.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si nàte ŋu ado gbe ɖa tso dzi me wòadze Mawu ŋu, kple ale si gbedodoɖa ate ŋu aɖe vi na wò.

4. Ele be míadze Mawu ŋu hafi wòase míaƒe gbedodoɖawo

Nu kawo gbɔe wòate ŋu atso be míaƒe gbedodoɖawo nadze Mawu ŋu alo womadze eŋu o? Mikpɔ VIDEOA.

Yehowa di be míado gbe ɖa na ye. Mixlẽ Psalmo 65:2, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ðe nèsusu be “Gbedodoɖasela” la di be nàdo gbe ɖa na yea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Ne míedi be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míadze agbagba anɔ agbe wòasɔ ɖe eƒe nudidiwo nu. Mixlẽ Mika 3:4 kple 1 Petro 3:12, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Yehowa ase míaƒe gbedodoɖawo?

Ne asrafowo le aʋa wɔ ge kple woƒe futɔwo la, akpa evea siaa doa gbe ɖa be yewoaɖu dzi. Ðe wòsɔ be míakpɔ mɔ be Mawu naɖo gbedodoɖa siawo ŋua?

5. Ele be míagblɔ ale si tututu míele sesem le mía ɖokui me la na Yehowa

Wofia gbedodoɖa vovovowo ame aɖewo wolé ɖe ta me, eye ne wole gbe dom ɖa la, wogbugbɔ gblɔa nya mawo ke. Gake nenemae Mawu di be míado gbe ɖa na yea? Mixlẽ Mateo 6:7, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màganɔ “nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii” ne èle gbe dom ɖa o?

Gbe sia gbe la, dze agbagba nàde dzesi mɔ aɖe si nu Yehowa yra wò le eye nàda akpe nɛ ɖe yayra ma ta. Wɔe alea gbe sia gbe hena kwasiɖa ɖeka, eye àkpɔe be àdo gbe ɖa le nya vovovo adre ŋu eye mahiã be nàgbugbɔ nya ɖeka aɖe anɔ gbɔgblɔm o.

Vifofo nyui kpɔa mɔ be ye vi nagblɔ ale si tututu wòle sesem le eɖokui me la na ye. Nenema kee Yehowa hã dina be míagblɔ míaƒe dzimenyawo na ye le gbedodoɖa me

6. Gbedodoɖa nye nunana tso Mawu gbɔ

Aleke gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ mí le ɣeyiɣi nyuiwo kple xaxaɣiwo siaa me? Mikpɔ VIDEOA.

Biblia gblɔ be gbedodoɖa ate ŋu ana míakpɔ ŋutifafa eye míaƒe susu nadze akɔ anyi. Mixlẽ Filipitɔwo 4:6, 7, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Togbɔ be menye ɣesiaɣie gbedodoɖa wɔnɛ be míaƒe kuxiwo nu yina o hã la, aleke wòkpena ɖe mía ŋui?

  • Nu siwo ŋu nàdi be yeado gbe ɖa le la dometɔ aɖewo ɖe?

Ènyaa?

Nya “amen” gɔmee nye “neva eme” alo “nenɔ alea.” Tso Biblia ŋlɔɣiwo ke la, wogblɔa “amen” le gbedodoɖawo ƒe nuwuwu.—1 Kronika 16:36.

7. Di ɣeyiɣi nànɔ gbe dom ɖa

Ɣeaɖewoɣi la, vovomakpɔmakpɔ wɔnɛ be míeŋlɔa gbedodoɖa be. Aleke gbegbee gbedodoɖa nɔ vevie na Yesu? Mixlẽ Mateo 14:23 kple Marko 1:35, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae Yesu wɔ be wòte ŋu kpɔ vovo do gbe ɖa?

  • Ɣekaɣie nàte ŋu akpɔ asinu anɔ gbe dom ɖa?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Gbedodoɖa mekpɔa nya aɖeke gbɔ o, ɖeko wònana ame ƒe susu dzea akɔ anyi.”

  • Nu kae nèsusu tso nya ma ŋu?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Mawu la, esia wɔnɛ be mía kplii dome va nɔa kplikplikpli wu, míaƒe dzi dzea eme, eye edoa ŋusẽ mí hã be míetea ŋu wɔa nu si dzea Yehowa ŋu.

Numetoto

  • Ame kae wòle be míado gbe ɖa na?

  • Aleke wòle be míado gbe ɖae?

  • Mɔ siwo nu gbedodoɖa ɖea vi le la dometɔ aɖewo ɖe?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Àkpɔ nya vovovo siwo ame geɖe biana tso gbedodoɖa ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo le nyati sia me.

“Nu Adre Si Wòle Be Nànya Le Gbedodoɖa Ŋu” (Gbetakpɔxɔ, October 1, 2010)

Xlẽ nu tso susu vevi siwo tae wòle be nàdo gbe ɖa kple ale si nàwɔ be wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi la ŋu.

“Nu Ka Tae Wòle Be Mado Gbe Ða?” (Nyati sia le jw.org)

Àkpɔ nu si nye Biblia ƒe nufiafia ku ɖe ame si wòle be míado gbe ɖa na la ŋu le nyati sia me.

“Ðe Wòle Be Mado Gbe Ða Na Ame Kɔkɔewoa?” (Nyati sia le jw.org)

Le haƒoƒo ƒe video sia me la, kpɔe ɖa be, ɖe míate ŋu ado gbe ɖa le teƒe ɖe sia ɖe kple ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me hã.

Do Gbe Ða Le Afi Sia Afi (1:22)