Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 16

Nu Kae Yesu Wɔ Esime Wònɔ Anyigba Dzi?

Nu Kae Yesu Wɔ Esime Wònɔ Anyigba Dzi?

Le ame geɖe ƒe susu me la, Yesu nye vidzĩ aɖe si le lãnuɖunu me, nyagblɔɖila dzeaɖaŋu aɖe, alo ŋutsu aɖe si le kukum le ati ŋu. Gake nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ŋu ne míedzro nu siwo wòwɔ le anyigba dzi la me? Le nusɔsrɔ̃ sia me la, míadzro nu vevitɔ siwo Yesu wɔ le anyigba dzi la dometɔ aɖewo me eye míakpɔ ale si woate ŋu aɖe vi na wòe hã.

1. Nu kae nye dɔ vevitɔ si Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi?

Dɔ vevitɔ si Yesu wɔe nye be ‘egblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia’ na amewo. (Xlẽ Luka 4:43.) Eɖe gbeƒã nya nyui si nye be Mawu aɖo fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu, aɖe anyi si akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ. a Yesu ɖe gbeƒã nya nyui sia kutrikukutɔe ƒe etɔ̃ kple afã.​—Mateo 9:35.

2. Nu ka tae Yesu wɔ nukunuwo ɖo?

Biblia gblɔ be ‘Mawu wɔ ŋusẽdɔwo, nukunuwo kple dzesi geɖewo to Yesu dzi.’ (Dɔwɔwɔwo 2:22) Le Mawu ƒe ŋusẽ me la, Yesu te ŋu tsi ahom nu, ena nuɖuɖu ame akpewo, eda dɔ na amewo, eye efɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mateo 8:23-27; 14:15-21; Marko 6:56; Luka 7:11-17) Nukunu siwo Yesu wɔ la na eme kɔ ƒãa be Mawue dɔe ɖa. Nukunuawo ɖee fia hã be ŋusẽ le Yehowa si be wòakpɔ míaƒe kuxiwo katã gbɔ na mí.

3. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu nɔ agbee me?

Yesu ɖo to Yehowa le nu sia nu me. (Xlẽ Yohanes 8:29.) Togbɔ be amewo tsi tre ɖe Yesu ŋu hã la, eyi edzi wɔ nu si Fofoa di tso esi la nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe ku me. Eɖee fia be anya wɔ be amegbetɔwo nasubɔ Mawu le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Yesu to esia me ‘gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí, be míadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’​—1 Petro 2:21.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àsrɔ̃ nu tso ale si Yesu gblɔ nya nyuia na amewo kple nukunu siwo wòwɔ la ŋu.

4. Yesu gblɔ nya nyui na amewo

Yesu zɔ afɔ kilometa alafa geɖe le mɔ siwo dzi ʋuʋudedi le eye wònɔ nya nyuia gblɔm na ame geɖe ale si nu wòate ŋui. Mixlẽ Luka 8:1, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Ameha siwo va ƒoa ƒu ɖe Yesu gbɔ be yewoase eƒe nyawo la koe wòɖe gbeƒã na?

  • Agbagba kae Yesu dze be yeake ɖe amewo ŋu?

Mawu gblɔe ɖi be Mesia la agblɔ nya nyui na amewo. Mixlẽ Yesaya 61:1, 2, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Aleke Yesu na nyagblɔɖi sia va eme?

  • Ðe nèsusu be ehiã be amewo nase nya nyui sia egbea?

5. Yesu fia nyateƒenya veviwo amewo

Tsɔ kpe ɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui si Yesu ɖe gbeƒãe na amewo ŋu la, efia nu nyui siwo aɖe vi na amewo hã. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo siwo dze le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me ŋu kpɔ. Mixlẽ Mateo 6:14, 34 kple 7:12, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aɖaŋu nyui kawoe Yesu ɖo le mawunyakpukpui siawo me?

  • Ðe nèsusu be aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu aɖe vi na amewo egbea?

6. Yesu wɔ nukunuwo

Yehowa na ŋusẽ Yesu wòwɔ nukunu geɖewo. Mixlẽ Marko 5:25-34 alo mikpɔ VIDEOA be miakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Eyome midzro biabia siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu ka dzie nyɔnu si dze dɔ la ka ɖo?

  • Nu kae dzɔ dzi na wò le nukunu sia ŋu?

Mixlẽ Yohanes 5:36, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke nukunu siwo Yesu wɔ la ‘ɖi ɖase’ le eyama ŋu?

Ènyaa?

Nu siwo míenya tso Yesu ŋu la dometɔ akpa gãtɔ tso Biblia-gbalẽ ene siwo woyɔna be Nyanyuigbalẽwo la me. Woawoe nye Mateo, Marko, Luka kple Yohanes. Nyanyuigbalẽŋlɔla ɖe sia ɖe ŋlɔ nya aɖewo tso Yesu ŋu siwo medze le Nyanyuigbalẽ bubuawo me o. Eya ta, ne míexlẽ Nyanyuigbalẽ eneawo katã la, míesrɔ̃a nu wɔdɔɖeamedzi geɖe tso Yesu ŋu.

  • MATEO

    ye ŋlɔ Nyanyuigbalẽ gbãtɔ. Yesu ƒe nufiafiawo koŋ ŋue wòŋlɔ nu tsoe, vevietɔ Yesu ƒe nufiafia siwo ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu.

  • MARKO

    ƒe nuŋlɔɖia ye le kpuie wu. Eŋlɔ nu tso nudzɔdzɔawo ŋu kpuikpuikpui eye nuŋlɔɖiawo wɔa dɔ ɖe ame dzi.

  • LUKA

    na míekpɔ ale si gbegbe gbedodoɖa nɔ vevie na Yesu kple ale si wòwɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu nyuie.

  • YOHANES

    na míenya nu geɖe tso ame si ƒomevi Yesu nye ŋu, elabena eŋlɔ nu tso dzeɖoɖo vovovo siwo yi edzi le Yesu kple exɔlɔ̃ kplikplikpliwo kpakple ame bubuwo dome la ŋu.

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ame nyui aɖee Yesu nye, gake menye eyae nye Mesia la o.”

  • Nu kae nèsusu tso nya ma ŋu?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yesu ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea, ewɔ nukunuwo, eye eɖo to Yehowa le nu sia nu me.

Numetoto

  • Dɔ kae nye dɔ vevitɔ si Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi?

  • Nu ka dzie Yesu ƒe nukunuwo ɖo kpee?

  • Aɖaŋu nyui kawoe Yesu ɖo le eƒe nufiafiawo me?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu wɔ nukunuwo vavã la ŋu.

“Yesu Ƒe Nukunuwo—Nukae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Wo Me?” (Gbetakpɔxɔ, July 15, 2004)

Xlẽ nu tso ale si ŋutsu aɖe ƒe agbe trɔe esi wòva nya ale si gbegbe Yesu tsɔ ɖe le eme na amewoe la ŋu.

“Ðokuinye Ŋu Koe Mebuna Ɣesiaɣi” (Gbetakpɔxɔ, October 1, 2014)

Kpɔ nu vevi siwo Yesu wɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me la le ɖoɖo si nu wodzɔ le nu.

“Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Yesu Ƒe Anyigbadzigbenɔnɔ Me” (Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe, Megbenyawo A7)

a Míava srɔ̃ nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le Nusɔsrɔ̃ 31-33 lia me.