Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 19

Kristotɔ Vavãwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?

Kristotɔ Vavãwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?

Mí Yehowa Ðasefowo míexɔe se be Kristotɔ vavãwoe míenye. Nu ka tae? Be nàkpɔ ŋuɖoɖoa la, bu nu si dzi míetu míaƒe dzixɔsewo ɖo, nu si tae míetsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo kple ale si míelɔ̃ mía nɔewoe ŋu kpɔ.

1. Nu ka dzie Yehowa Ðasefowo tu woƒe dzixɔsewo ɖo?

Yesu gblɔ be: “[Mawu ƒe] nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Yehowa Ðasefowo tua woƒe nufiafia ɖe sia ɖe ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi, abe ale si Yesu wɔe ene. Le kpɔɖeŋu me, bu egbegbe Yehowa Ðasefowo, siwo woyɔna be Biblia Nusrɔ̃viwo tsã la, ƒe ŋutinya ŋu kpɔ. Le ƒe 1870-awo me la, Biblia Nusrɔ̃viawo va dze Biblia me dzodzro gɔme tsitotsito. Wotu woƒe dzixɔsewo ɖe nu si tututu Biblia fia dzi, ne woƒe dzixɔseawo to vovo na subɔsubɔha bubuwo ƒe nufiafiawo gɔ̃ hã. Emegbe, wova te Biblia me nyateƒe siwo ŋu woke ɖo la gbɔgblɔ na amewo. a

2. Nu ka tae míetsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?

Yehowa yɔa esubɔlawo be yeƒe ɖasefowo, elabena wonana amewo nyaa nyateƒea tso eyama ŋu. (Hebritɔwo 11:4–12:1) Le kpɔɖeŋu me, le blema la, Mawu gblɔ na eƒe amewo be: “Miawoe nye nye ɖasefowo.” (Xlẽ Yesaya 43:10.) Woyɔ Yesu hã le Biblia me be “Ðasefo Nuteƒewɔla.” (Nyaɖeɖefia 1:5) Susu siawo tae míetsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me. Dzidzɔe wònye na mí be ŋkɔ sia le mía ŋu.

3. Aleke Yehowa Ðasefowo lɔ̃a wo nɔewo abe ale si Yesu lɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo ene?

Yesu lɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo ale gbegbe be ɖeko wonɔ nɛ abe eƒe ƒometɔwo ene. (Xlẽ Marko 3:35.) Nenema kee Yehowa Ðasefowo hã wɔ ɖeka eye wonye ƒome gã si me tɔwo le xexea me godoo. Esia tae míeyɔa mía nɔewo be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu ɖo. (Filemon 1, 2) Azɔ hã, míewɔa sedede si nye, ‘Milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katã’ la dzi. (1 Petro 2:17) Yehowa Ðasefowo ɖea lɔlɔ̃ sia fiana le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, míekpena ɖe míaƒe haxɔsetɔ siwo le xexea me godoo la ŋu ne nane dzɔ si wɔe be wohiã kpekpeɖeŋu.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àva nya nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya ŋu. Azɔ hã, àkpɔ kpeɖodzi bubu siwo ɖee fia be míenye Kristotɔ vavãwo.

Kristotɔ vavãwo tua woƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi eye woƒoa nu tso wo ŋu na ame bubuwo

4. Míetua míaƒe dzixɔsewo ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi

Yehowa gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, yeƒe amewo ase Biblia me nyateƒea gɔme nyuie. Mixlẽ Daniel 12:4 kple etenuŋɔŋlɔa, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae “adzi ɖe edzi” ne Mawu ƒe amewo yi edzi le Biblia me dzrom tsitotsito?

Kpɔ ale si Biblia srɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, si me Charles Russell hã nɔ la, srɔ̃ Mawu ƒe Nya lae le video sia me. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

  • Le videoa me la, aleke Charles Russell kple ehati Biblia Nusrɔ̃viwo srɔ̃ Bibliae?

Ènyaa?

Eva hiãna ɣeaɖewoɣi be míatrɔ asi le ale si míese Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔmee ŋu. Nu ka tae? Abe ale si ko ɣe ƒe agudzedze nana xexea me nɔa kɔkɔm vivivi va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene la, nenema kee Mawu nana míesea eƒe Nyaa gɔme vivivi. (Xlẽ Lododowo 4:18.) Eya ta, togbɔ be Biblia me nyawo metrɔ o hã la, ne míeva se egɔme nyuie wu la, míetrɔa asi le míaƒe nufiafiawo ŋu.

5. Míenɔa agbe wòsɔna kple gɔmesese si le míaƒe ŋkɔa ŋu

Nu ka tae míetsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo? Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Nu ka tae ŋkɔ Yehowa Ðasefowo si míetsɔ la sɔ ŋutɔ?

Nu ka tae Yehowa tia amewo be woanye yeƒe ɖasefowo? Nu si tae nye be, woana amewo nanya be eyae nye Mawu vavã la, elabena amewo gblɔ alakpanya geɖewo tso eŋu. Na míakpɔ alakpanya mawo dometɔ eve pɛ ko ɖa.

Le subɔsubɔha aɖewo me la, wofia amewo be Mawu di be woazã legbawo kple nɔnɔmewɔwɔwo le woƒe mawusubɔsubɔ me. Gake nya kae Biblia gblɔ? Mixlẽ 3 Mose 26:1, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae nye nyateƒea? Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso nɔnɔmewɔwɔwo zazã le mawusubɔsubɔ me ŋu?

Subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be Yesu kee ganye Mawu. Gake nya kae Biblia gblɔ? Mixlẽ Yohanes 20:17, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae nye nyateƒea? Yesu kee ganye Mawua?

  • Esi nèkpɔe be Yehowa dɔ eƒe Ðasefowo ɖa be woaɖe gbeƒã nyateƒea tso ye kple ye Via ŋu la, aleke esia na nèse le ɖokuiwò me?

6. Míelɔ̃ mía nɔewo

Biblia tsɔ Kristotɔwo sɔ kple míaƒe ametia ƒe ŋutinu vovovoawo. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 12:25, 26, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ne Kristotɔ vavãwo kpɔ wo nɔvi Kristotɔwo wole fu kpem la, nu kae wòle be woawɔ?

  • Nu kae nède dzesii ku ɖe lɔlɔ̃ si le Yehowa Ðasefowo dome ŋu?

Ne Yehowa Ðasefo siwo le xexea ƒe akpa aɖe le fu kpem la, wo nɔvi Ðasefo siwo le xexea me godoo la ɖea afɔ enumake kpena ɖe wo ŋu. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Eyome, midzro biabia si gbɔna me.

  • Aleke kpekpeɖeŋunadɔ si Yehowa Ðasefowo wɔna ne afɔkuwo dzɔ la ɖoa kpe edzi be wolɔ̃ wo nɔewo?

Kristotɔ vavãwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame siwo hiã kpekpeɖeŋu

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Subɔsubɔha yeye aɖe koe Yehowa Ðasefowo nye.”

  • Tso keke ɣekaɣie Yehowa yɔa esubɔlawo be yeƒe ɖasefowo?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa Ðasefowo nye Kristotɔ vavãwo. Míenye ƒome gã ɖeka si me tɔwo le xexea me godoo, míaƒe dzixɔsewo tso Biblia me, eye míeɖea gbeƒã nyateƒea tso Yehowa ŋu.

Numetoto

  • Nu ka tae míetsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?

  • Aleke míewɔa nu ɖe mía nɔewo ŋui?

  • Èsusu be Kristotɔ vavãwoe Yehowa Ðasefowo nyea?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le video sia me la, àsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya ŋu.

Ale Si Yehowa Ðasefowo Ðe Xɔse Fia, Akpa 1: Wodo Le Viviti Me (1:00:53)

Àkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo klo nu le alakpanufiafiawo dzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖe le video sia me.

Mawu Ƒe Amewo Kɔa Eƒe Ŋkɔa Ŋu (7:08)

Àte ŋu akpɔ biabia siwo le asiwò ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea.

“Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu” (ele jw.org)

Tsã la, Stephen wɔa nu vlowo ɖe yevuwo ŋu le esi wòlé fu wo ta. Xlẽ nu tso nu si wòkpɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu si ʋãe wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ la ŋu.

“Ðeko Nye Agbenɔnɔ Nɔ Vovlom Ðem Edzi” (Gbetakpɔxɔ ƒe nyati)

a Míetaa Gbetakpɔxɔ magazine la tsɔ ɖea Biblia ƒe nufiafiawo me tso keke ƒe 1879 me ke.