Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 23

Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!

Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!

Yesu na míenya be ele be ame si azu Kristotɔ la naxɔ nyɔnyrɔ. (Xlẽ Mateo 28:19, 20.) Gake nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ fia? Eye nu kae wòle be ame nawɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ?

1. Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ fia?

Helagbe me nya si me woɖe nya “nyrɔ” tso la fia be ‘woade nane tsi me’ wòabu ɖe eme keŋkeŋ. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, Yohanes nyrɔe ɖe Yordan Tɔsisi la me, eye ‘wòfɔ tso tsia me.’ (Mateo 3:13, 16) Nenema kee le Kristotɔ vavãwo ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, wonyrɔa woƒe ameti bliboa ɖe tsi me keŋkeŋ.

2. Nu kae ame ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ fia?

Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, efia be etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu. Nu kae wòfia be ame natsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu? Efia be, hafi amea nava xɔ nyɔnyrɔ la, eya ŋutɔ ɖeɖe ado gbe ɖa na Yehowa ahagblɔ nɛ be yedi be yeasubɔe tegbee. Ado ŋugbe na Yehowa be eya ɖeka koe yeasubɔ, eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anye nu vevitɔ na ye le agbe me. Ato esia me aɖee afia be ‘yegbe nu le ye ɖokui gbɔ, eye yeɖoe be yeadze Yesu yome ɖaa,’ si fia be, yeawɔ eƒe nufiafiawo dzi eye yeasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 16:24) Eƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ana be ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ eya kple Yehowa kpakple ame bubu siwo hã subɔnɛ la dome.

3. Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ?

Hafi nàxɔ nyɔnyrɔ la, ele vevie be nàsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye nàxɔ edzi ase. (Xlẽ Hebritɔwo 11:6.) Zi ale si nèva le nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye wò xɔse le tsitsim la, zi nenema kee nàva lɔ̃e vevie. Esia awɔe be àdi vevie be yeaƒo nu tso eŋu na amewo eye yeawɔ ɖe eƒe sewo dzi. (2 Timoteo 4:2; 1 Yohanes 5:3) Ne ame aɖe va ‘le zɔzɔm ale si dze Yehowa, ale be yeadze eŋu bliboe’ ko la, adi be yeatsɔ yeƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa eye yeaxɔ nyɔnyrɔ.—Kolosetɔwo 1:9, 10. a

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me kple nu si ame ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe afɔ vevi sia ɖeɖe ŋu.

4. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nya si Biblia gblɔ tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la me

Mixlẽ Mateo 3:13-17 be miakpɔ nya bubu siwo Biblia gblɔ tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Eyome midzro nyabiase siawo me:

  • Vidzĩe Yesu nye esime wòxɔ nyɔnyrɔa?

  • Aleke wonyrɔe? Ðe wokɔ tsi ɖe tame nɛa?

Yesu xɔ nyɔnyrɔ hafi dze dɔ tɔxɛ si Mawu de esi be wòawɔ le anyigba dzi la gɔme. Mixlẽ Luka 3:21-23 kple Yohanes 6:38, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ vɔ la, dɔ kae nɔ vevie nɛ wu le agbe me?

5. Wò hã àte ŋu axɔ nyɔnyrɔ

Ðewohĩ adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ adze nu sesẽ na wò. Ke hã, ne èyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye nèva nyae nyuie wu la, esia ana dzi naɖo ƒowò nàɖe afɔ vevi sia. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ ale si ame aɖewo te ŋu wɔ esiae ɖa.

Mixlẽ Yohanes 17:3 kple Yakobo 1:5, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kawoe ame ate ŋu awɔ be wòasu te axɔ nyɔnyrɔ?

  1. Adzɔgbeɖeɖe fia be míagblɔ na Yehowa be míedi be míasubɔe tegbee

  2. Le míaƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, míeɖenɛ fiana le eteƒekpɔlawo ŋkume be míeɖe adzɔgbe na Mawu

6. Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, míeva zua Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo

Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, míeva zua ƒome gã ɖeka si le xexea me godoo la me tɔwo. Togbɔ be míetso dukɔ vovovowo me eye míaƒe dekɔnuwo to vovo hã, míaƒe dzixɔsewo le ɖeka eye míewɔna ɖe se kple mɔfiame siwo le Biblia me dzi. Mixlẽ Psalmo 25:14 kple 1 Petro 2:17, eye miadzro biabia sia me:

  • Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, aleke eya kple Yehowa kpakple ame siwo subɔnɛ la dome anɔ?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nyemekpɔ su te be maxɔ nyɔnyrɔ o.”

  • Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò me la, ɖe wònye wò taɖodzinu be yeava xɔ nyɔnyrɔa?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yesu na míenya be ele be ame si azu Kristotɔ la naxɔ nyɔnyrɔ. Hafi ame aɖe naxɔ nyɔnyrɔ la, ele be wòaxɔ Yehowa dzi ase, anɔ wɔwɔm ɖe Eƒe sewo dzi, eye wòatsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe nɛ.

Numetoto

  • Nu kae nya nyɔnyrɔxɔxɔ fia, eye nu ka tae nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie?

  • Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, nu kae esia fia?

  • Nu kawoe wòhiã be ame nawɔ hafi wòate ŋu aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le nyati sia me la, àkpɔ nu si nyɔnyrɔxɔxɔ fia kple nu si mefia o.

“Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?” (Nyati sia le jw.org)

Xlẽ nu tso afɔ vovovo siwo ame ate ŋu aɖe be wòava su te axɔ nyɔnyrɔ la ŋu le nyati sia me.

“Lɔlɔ̃ Na Yehowa Aʋã Wò Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ” (Gbetakpɔxɔ, March 2020)

Xlẽ nu tso nu si ʋã ŋutsu aɖe wòxɔ nyɔnyrɔ la ŋu le nyati sia me.

“Wodi Be Maka Ðe Nyateƒea Dzi Na Ðokuinye” (Gbetakpɔxɔ, February 1, 2013)

Xlẽ nu tso nu si tae nyɔnyrɔxɔxɔ nye taɖodzinu nyui aɖe kple ale si nàwɔ asu te be nàxɔ nyɔnyrɔ la ŋu.

“Ðe Wòle Be Maxɔ Nyɔnyrɔa?” (Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 2 Lia, ta 37)

a Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ va yi le subɔsubɔha bubu aɖe me la, ehiã be wòagaxɔ nyɔnyrɔ ake. Nu ka tae? Nu si tae nye be subɔsubɔha ma ƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple nyateƒe si le Biblia me o.—Kpɔ Dɔwɔwɔwo 19:1-5 kple Nusɔsrɔ̃ 13 lia.