Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 24

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Mawudɔlawo Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Mawudɔlawo Ŋu?

Yehowa di be míanya nu tso yeƒe ƒome si le dziƒo la ŋu. Mawudɔlawo le ƒome ma me, eye woyɔ wo le Biblia me be ‘Mawu ƒe viwo.’ (Hiob 38:7) Nya kae Biblia gblɔ tso mawudɔlawo ŋu? Nu kawoe wowɔna? Eye ɖe mawudɔlawo katã yi edzi kpɔtɔ nye Mawu ƒe ƒomea me tɔwoa?

1. Ame kawoe nye mawudɔlawo?

Yehowa wɔ mawudɔlawo hafi va wɔ míaƒe anyigba sia. Mawudɔlawo le dziƒo, wonye gbɔgbɔwo, eya ta míate ŋu akpɔ wo o, abe ale si ko míate ŋu akpɔ Yehowa o ene. (Hebritɔwo 1:14) Mawudɔla miliɔn geɖewoe li, eye nɔnɔme si le wo dometɔ ɖe sia ɖe si la to vovo na nɔvia tɔ. (Nyaɖeɖefia 5:11) ‘Wowɔa [Yehowa] ƒe nya dzi, eye woɖoa to eƒe gbe.’ (Psalmo 103:20) Le blema la, Yehowa dɔ mawudɔlawo ɣeaɖewoɣi be woagblɔ yeƒe gbedeasiwo na yeƒe amewo, woakpe ɖe wo ŋu, eye woaxɔ na wo. Egbea, mawudɔlawo fiaa mɔ Kristotɔwo wokena ɖe ame siwo di be yewoanya Mawu la ŋu.

2. Ame kae nye Satana, eye ame kawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃wo?

Mawudɔla aɖewo meyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o. Biblia yɔ mawudɔla gbãtɔ si dze aglã ɖe Mawu ŋu la be “Abosam kple Satana, ame si le anyigbadzinɔlawo katã blem.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Satana di be yeaɖu ame bubuwo dzi, eya ta eble mía dzila gbãtɔwo eye emegbe ena mawudɔla bubuwo gɔ̃ hã dze aglã ɖe Mawu ŋu. Mawudɔla dzeaglã mawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃wo. Yehowa na wonyã wo tso dziƒo va anyigba dzi, eye ava tsrɔ̃ wo mlɔeba.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

3. Aleke Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba be yewoable mí?

Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo toa gbɔgbɔyɔyɔ dzi blea ame geɖe. Gbɔgbɔyɔyɔ nye nuwɔna gbegblẽ aɖe si dzi amewo tona dzea agbagba be yewoado ka kple gbɔgbɔwo. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo yia ɣletivimefakalawo, bokɔnɔwo, ŋɔliyɔlawo kple nukalawo gbɔ. Ame bubuwo hã zãa dɔdada ƒe mɔnu siwo do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ. Eye woble ame aɖewo hã woxɔe se be yewoate ŋu aƒo nu kple ame kukuwo. Gake Yehowa xlɔ̃ nu mí be: “Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu ta se le nukalawo gbɔ o.” (3 Mose 19:31) Yehowa xlɔ̃ nu mí alea be yeakpɔ mía ta tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. Mawu ƒe futɔwoe wonye, eye wodina be yewoagblẽ nu le mía ŋu.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu nyui siwo mawudɔlawo wɔna, ale si gbɔgbɔyɔyɔ gblẽa nu le ame ŋui, kple nu siwo nàte ŋu awɔ be nàkpɔ ɖokuiwò ta tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo si me.

4. Mawudɔlawo kpena ɖe amewo ŋu be woanya Yehowa

Mawudɔlawo meɖea gbeƒã na amewo tẽe o. Gake wotea ŋu fiaa mɔ mawusubɔlawo woyia ame siwo di be yewoanya Mawu la gbɔ. Mixlẽ Nyaɖeɖefia 14:6, 7, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu ka tae míehiã na mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?

  • Esi nèva nya be mawudɔlawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàke ɖe ame siwo di be yewoase Biblia me nyawo ŋu la, ɖe esia de dzi ƒo na wòa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

5. Tsri gbɔgbɔyɔyɔ

Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nye Yehowa ƒe futɔwo, eye wonye míawo hã míaƒe futɔwo. Mixlẽ Luka 9:38-42, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔa nu ɖe amewo ŋui?

Míedi be míawɔ naneke si awɔe be gbɔgbɔ vɔ̃wo nava kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Mixlẽ 5 Mose 18:10-12, eye miadzro biabia siawo me:

  • Mɔ kawo dzie gbɔgbɔ vɔ̃wo tona dzea agbagba be yewoado ka kpli mí alo akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi? Gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔna kawoe bɔ le miaƒe nutoa me?

  • Ðe nèkpɔe be esɔ be Yehowa de se na mí be míaƒo asa na gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawoa? Nu ka tae?

Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

  • Ðe nèsusu be atiblɛ si Akɔfa sa ɖe via ƒe alɔnu la ate ŋu agblẽ nu le wo ŋua? Nu ka tae?

  • Nu kae wòle be Akɔfa nawɔ be wòakpɔ eya kple via ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me?

Tso blema ke la, Kristotɔ vavãwo tsia tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 19:19 kple 1 Korintotɔwo 10:21, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae wòle vevie be nàgblẽ nu sia nu si le asiwò si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la dome?

6. Àte ŋu aɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi

Satana ye le gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ɖum. Gake mawudɔla gãtɔ Mikael, si wogayɔna be Yesu, ye fiaa mɔ mawudɔla wɔnuteƒewo. Ŋusẽ ka gbegbee le Mikael si? Mixlẽ Nyaɖeɖefia 12:7-9, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ame kawo sie ŋusẽ le wu, Mikael kple eƒe dɔlawoe loo, alo Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃woe?

  • Le wò susu nu la, ɖe wòle be Yesu yomedzelawo navɔ̃ na Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃woa?

Àte ŋu aɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi. Mixlẽ Yakobo 4:7, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo si me?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Naneke megblẽ le eŋu be ame naƒo videofefe alo akpɔ film siwo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu o. Dzidzɔdodo na ame ɖokui koe.”

  • Nu ka tae nuŋububu alea menyo kura o?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Mawudɔla wɔnuteƒewo kpena ɖe mía ŋu. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nye Yehowa ƒe futɔwo, eye wotoa gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔnuwo dzi blea amewo.

Numetoto

  • Aleke mawudɔlawo kpena ɖe amewo ŋu be woava nya Yehowa?

  • Ame kae nye Satana, eye ame kawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃wo?

  • Nu ka tae nèdi be yeate ye ɖokui ɖa keŋkeŋ tso gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo gbɔ?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso nu siwo ɖo kpe edzi be Yesu ye nye mawudɔla gãtɔ Mikael la ŋu.

“Ame Kae Nye Mawudɔla Gãtɔ Mikael?” (Nyati sia le jw.org)

Le nyati sia me la, àkpɔ nu siwo ɖee fia be menye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe nɔnɔme aɖe si le mía me ye Abosam nye o, ke boŋ eli ŋutɔŋutɔ.

“Ðe Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?” (Nyati sia le jw.org)

Xlẽ nu tso ale si nyɔnu aɖe wɔ vo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me la ŋu.

“Eke Ðe Tameɖoɖo Si Le Agbe Ŋu La Ŋuti” (Gbetakpɔxɔ, July 1, 1993)

Xlẽ nu tso ale si Satana toa gbɔgbɔyɔyɔ dzi blea amewoe ŋu.

“Nyateƒe Si Ku Ðe Dzosasa, Afakaka, Kple Adzewɔwɔ Ŋu” (Agbe Mavɔ Mɔ La, akpa 5 lia)